Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 30

Wò Ame Vevi Siwo Ku La Agate Ŋu Ava Nɔ Agbe Ake!

Wò Ame Vevi Siwo Ku La Agate Ŋu Ava Nɔ Agbe Ake!

Ku doa nuxaxa na mí ale gbegbe, eye wònana míeléa blanui. Esia tae Biblia yɔ ku be futɔ ɖo. (1 Korintotɔwo 15:26) Èkpɔe le Nusɔsrɔ̃ 27 lia me be Yehowa ava ɖe futɔ sia ɖa. Ke ame siwo ku xoxo ya ɖe? Le nusɔsrɔ̃ sia me la, àsrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe ŋugbedodo wɔnuku bubu aɖe ŋu. Eyae nye be ava gbɔ agbe ame miliɔn akpe geɖe be woakpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee. Ava fɔ wo ɖe tsitre! Ðe esia ate ŋu ava eme nyateƒea? Ðe woafɔ wo ɖe tsitre woayi dziƒo loo alo woanɔ agbe le anyigba dzi afi sia?

1. Nu kae Yehowa di be yeawɔ na míaƒe ame vevi siwo ku?

Yehowa di vevie be yeagbɔ agbe ame siwo ku. Ŋutsu xɔsetɔ aɖe si ŋkɔe nye Hiob la ka ɖe edzi be ne yeku la, Mawu maŋlɔ ye be o. Egblɔ na Mawu be: “Àyɔm, eye matɔ na wò [tso yɔdo me].”—Xlẽ Hiob 14:13-15.

2. Aleke míewɔ nya be woate ŋu afɔ ame siwo ku la ɖe tsitre?

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Mawu na ŋusẽe wòfɔ ame aɖewo siwo ku la ɖe tsitre. Yesu fɔ nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 12 la ɖe tsitre, eye efɔ ahosi aɖe ƒe viŋutsu hã ɖe tsitre. (Marko 5:41, 42; Luka 7:12-15) Emegbe Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku. Togbɔ be Lazaro ku woɖii ŋkeke enee nye ema hã la, Yesu fɔe ɖe tsitre. Esi Yesu do gbe ɖa na Mawu le yɔdoa to vɔ la, ɖeko wòdo ɣli gblɔ be: “Lazaro lee, do go!” Eye “ame si ku la do go.” Egbɔ agbe! (Yohanes 11:43, 44) Kpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔ Lazaro ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃woe ɖa!

3. Mɔkpɔkpɔ kae li na wò ame vevi siwo ku?

Biblia do ŋugbe be: ‘Tsitretsitsi li’ gbɔna. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, mefɔ amewo ɖe tsitre woyi dziƒo o. (Yohanes 3:13) Efɔ wo ɖe tsitre wova nɔ agbe le anyigba dzi afi sia, eye edzɔ dzi na wo ŋutɔ. Nenema kee Yesu ava fɔ ame miliɔn akpe geɖe ɖe tsitre be woakpɔ dzidzɔ tegbee le paradiso me le anyigba dzi. Egblɔ be woafɔ “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me” la ɖe tsitre. Esia fia be woafɔ ame siwo katã amegbetɔwo ŋlɔ be evɔ Mawu ya ɖoa ŋku wo dzi la gɔ̃ hã ɖe tsitre.—Yohanes 5:28, 29.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àsrɔ̃ nu si Biblia gblɔ si tae míeka ɖe edzi be ŋusẽ le Yesu si be wòafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre, eye awɔe hã. Azɔ hã, àkpɔ ale si ŋugbe si Mawu do be yeava fɔ kukuawo ɖe tsitre la ate ŋu afa akɔ na wò ahana mɔkpɔkpɔ nasu asiwò.

4. Yesu ɖee fia be yeate ŋu afɔ ame siwo ku la ɖe tsitre

Kpɔ nu siwo yi edzi esime Yesu fɔ exɔlɔ̃ Lazaro ɖe tsitre la ɖa. Mixlẽ Yohanes 11:14, 38-44, eyome miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae ɖee fia be Lazaro ku ŋutɔŋutɔ?—Kpɔ kpukpui 39 lia.

  • Ne ɖe Lazaro yi dziƒo la, èsusu be anye dɔmenyonyo nɛ be Yesu nana wòagava nɔ agbe le anyigba dzia?

Mikpɔ VIDEOA.

5. Woava Fɔ Ame Gbogbo Aɖewo Ðe Tsitre!

Mixlẽ Psalmo 37:29, eye miadzro biabia sia me:

  • Afi kae ame miliɔn akpe geɖe siwo woava fɔ ɖe tsitre la anɔ agbe le?

Yesu afɔ ame gbogbo aɖewo siwo mesubɔ Yehowa o la gɔ̃ hã ɖe tsitre. Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15, eye miadzro biabia sia me:

  • Ame kawoe ku na wò, siwo nàdi be yeagakpɔ ake?

Bu nya sia ŋu kpɔ: Yesu ate ŋu afɔ amewo tso ku me bɔbɔe abe ale si ko vifofo aɖe ate ŋu anyɔ via tso alɔ̃ me ene

6. Tsitretsitsi ƒe ŋugbedodoa ate ŋu afa akɔ na wò eye wòana mɔkpɔkpɔ wò

Biblia ƒe ŋutinya si ku ɖe Yairo vinyɔnua ŋu la fa akɔ na ame geɖe siwo le nu xam le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta eye wòde dzi ƒo na wo. Mixlẽ ŋutinya sia si nye nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ la le Luka 8:40-42, 49-56.

Hafi Yesu nafɔ Yairo vinyɔnua la, egblɔ na fofoa be: “Mègavɔ̃ o, xɔe se ko.” (Kpɔ kpukpui 50 lia.) Aleke tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò . . .

  • ne wò ame vevi aɖe ku?

  • ne wò agbe ɖo afɔku me?

Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

  • Aleke tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa fa akɔ na Phelicity dzilawo hedo ŋusẽ wo?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Manya wɔ be ame siwo ku la nagava nɔ agbe ake o.”

  • Nu kae nèsusu tso nya ma ŋu?

  • Mawunyakpukpui kae nàte ŋu azã atsɔ aɖee afia be woava fɔ kukuawo ɖe tsitre?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Biblia na míenya be woava fɔ ame miliɔn akpe geɖe siwo ku la ɖe tsitre. Yehowa di be woagava nɔ agbe ake, eye ena ŋusẽ Yesu be wòafɔ wo ɖe tsitre.

Numetoto

  • Aleke míewɔ nya be Yehowa kple Yesu di vevie be yewoafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre?

  • Afi kae ame miliɔn akpe geɖe siwo woafɔ ɖe tsitre la anɔ agbe le, dziƒoe loo alo anyigba dzi ye? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

  • Nu kae na nèka ɖe edzi be wò ame vevi siwo ku la agate ŋu ava nɔ agbe ake?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso nu siwo nàte ŋu awɔ be nàkpɔ akɔfafa ne wò ame vevi aɖe ku la ŋu.

“Nu Si Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam La Ŋu” (Nyɔ! No. 3 2018)

Ðe Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ame si le nu xam la ŋu nyateƒea?

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Ku (5:06)

Nu kae ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woakpɔ akɔfafa ne woƒe ƒometɔ aɖe alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ku?

Tafe La (2:07)

Ðe woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre woayi dziƒoa? Ame kawoe womafɔ ɖe tsitre o?

“Nu Kae Nye Tsitretsitsi La?” (Nyati sia le jw.org)