Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 33

Nu Siwo Mawu Fiaɖuƒea Ava Wɔ

Nu Siwo Mawu Fiaɖuƒea Ava Wɔ

Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum xoxo le dziƒo. Eteƒe madidi o, ava trɔ nu geɖewo le anyigba dzi. Na míakpɔ nu nyui siwo míate ŋu akpɔ mɔ na ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigba dzi ɖum la dometɔ aɖewo ɖa.

1. Aleke Mawu Fiaɖuƒea ana ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye naxɔ anyigba dzi?

Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la, atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo kple dziɖuɖuwo le Armagedon-ʋaa me. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Ɣemaɣi la, Biblia ƒe ŋugbedodo si nye be, “esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o” la, ava eme bliboe. (Psalmo 37:10) Yesu ato Fiaɖuƒea dzi akpɔ egbɔ be ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye xɔ anyigba dzi.—Xlẽ Yesaya 11:4.

2. Aleke agbea anɔ ne wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi?

Le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Kpɔe ɖa le susu me be èle xexe aɖe si me ame sia ame nye ame dzɔdzɔe eye amewo katã lɔ̃ Yehowa kple wo nɔewo la me! Ame aɖeke madze dɔ o, eye ame sia ame anɔ agbe tegbee.

3. Ne wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo vɔ la, nu kawoe Mawu Fiaɖuƒea awɔ?

Ne wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo vɔ la, Yesu aɖu fia ƒe 1,000. Ɣemaɣi la, Yesu kple eƒe hatidziɖula siwo nye ame 144,000-awo akpe ɖe amegbetɔwo ŋu le anyigba dzi woava de blibo eye nu vɔ̃ maganɔ wo ŋu o. Kaka ƒe akpe ɖekaa nawu enu la, anyigba bliboa azu paradiso dzeani aɖe, eye ame sia ame anɔ dzidzɔ kpɔm le esi wole Yehowa ƒe sewo dzi wɔm ta. Eyome Yesu atsɔ Fiaɖuƒe la ade asi na Fofoa, Yehowa. Ɣemaɣi la, Yehowa ƒe ‘ŋkɔa ŋuti akɔ’ keŋkeŋ. (Mateo 6:9, 10) Adze kɔtɛ ɣemaɣi be Yehowa nye Dziɖula nyui si tsɔa ɖe le eme na eteviwo. Eyome Yehowa atsrɔ̃ Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo kpakple ame sia ame si tsi tre ɖe Eƒe dziɖuɖu ŋu. (Nyaɖeɖefia 20:7-10) Nu nyui siwo Mawu Fiaɖuƒea awɔ kple yayra siwo katã wòahe vɛ la anɔ anyi tegbee.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ato Fiaɖuƒea dzi ana eƒe ŋugbedodo siwo katã le Biblia me ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu la nava eme.

4. Mawu Fiaɖuƒea aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa

“Amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.” (Nyagblɔla 8:9) Gake Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ sia ɖa.

Mixlẽ Daniel 2:44 kple 2 Tesalonikatɔwo 1:6-8, eyome miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae Yehowa kple Via Yesu awɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo kple wo dzi delawo?

  • Nu kawoe nèsrɔ̃ tso Yehowa kple Yesu ŋu si na nèka ɖe edzi be esɔ be woatsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu mawo kple wo dzi delawo?

5. Yesu ye nye Fia nyuitɔ

Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la, awɔ nu nyui geɖe na eteviwo le anyigba dzi. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ ale si Yesu ɖee fia xoxo be yedina vevie be yeakpe ɖe amewo ŋu eye Mawu na ŋusẽ ye be yeawɔe hã.

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, nu siwo wòwɔ la na míekpɔ nu siwo Fiaɖuƒea ava wɔ. Le aɖaka si gbɔna me la, kpɔe ɖa be yayra siwo ŋu woƒo nu tsoe la dometɔ kae nèle mɔ kpɔm na vevie? Mixlẽ mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe yayra mawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ.

ESIME YESU NƆ ANYIGBA DZI LA . . . 

NE YESU LE ANYIGBA DZI ÐUM TSO DZIƑO LA . . .

  • ekpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo abe ahom sesẽwo ene dzi.—Marko 4:36-41.

  • aɖɔ nu siwo katã gblẽ le míaƒe anyigbaa ŋu la ɖo.—Yesaya 35:1, 2.

6. Mawu Fiaɖuƒea ana etsɔme nyui aɖe ŋutɔ nasu mía si

Fiaɖuƒea ana tame si Yehowa ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu tso gɔmedzedzea me la nava eme bliboe. Amegbetɔwo anɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ ale si Yehowa to Via, Yesu, dzi be yeana yeƒe tameɖoɖoa nava eme.

Mixlẽ Psalmo 145:16, eye miadzro biabia sia me:

  • Esi nèva nyae be Yehowa ‘atsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na woe’ la, aleke nèse le ɖokuiwò me?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ne mí katã míelé nɔvisi la, míate ŋu akpɔ kuxi siwo le xexea me la gbɔ.”

  • Kuxi kawo gbɔe Mawu Fiaɖuƒea akpɔ siwo gbɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu akpɔ o?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Mawu Fiaɖuƒea ana Mawu ƒe tameɖoɖoa nava eme. Ana anyigba bliboa nazu paradiso, afi si ame nyuiwo ɖeɖe sɔŋ anɔ eye woasubɔ Yehowa tegbee.

Numetoto

  • Aleke Mawu Fiaɖuƒea ana Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti nakɔ?

  • Nu ka tae míeka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ana Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me la nava eme?

  • Nu nyui siwo Fiaɖuƒea ava wɔ la dometɔ kae nèle mɔ kpɔm na vevie?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Nu kae nye Armagedon? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le nyati sia me.

“Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?” (Nyati sia le jw.org)

Xlẽ nu tso nu siwo adzɔ le Yesu ƒe ƒe 1,000 dziɖuɖua me kple nu siwo adzɔ le ƒe akpe ɖekaa ƒe nuwuwu la ŋu.

“Nu Kae Adzɔ Le Ʋɔnudrɔ̃gbea?” (Gbetakpɔxɔ, September 1, 2012)

Le video sia me la, àkpɔ ale si ƒomewo ate ŋu ade ŋugble le yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ la ŋu.

Kpɔ Ðokuiwò Le Paradiso Me (1:50)

Xlẽ nyati si nye “Nyabiase Geɖewo Ðe Fu Nam,” be nàkpɔ ale si ŋutsu aɖe si dze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu la, va kpɔ biabia siwo nɔ fu ɖem nɛ la ƒe ŋuɖoɖowo.

“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, January 1, 2012)