Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 38

De Asixɔxɔ Mawu Ƒe Nunana Si Nye Agbe Ŋu

De Asixɔxɔ Mawu Ƒe Nunana Si Nye Agbe Ŋu

Nu nyui geɖewo li siwo te ŋu wɔnɛ be míesea vivi na agbea ŋutɔ. Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã, míagate ŋu ase vivi na agbea le mɔ aɖewo nu kokoko. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ agbe si Yehowa na mí la ŋu? Eye nu kae nye susu vevitɔ si tae wòle be míade asixɔxɔ agbe ŋu?

1. Nu ka tae wòle be míade asixɔxɔ agbe ŋu?

Ele be míade asixɔxɔ agbe ŋu, elabe agbe nye nunana tso Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame la gbɔ. Eyae nye “agbedzɔƒe”—eyae wɔ nu gbagbewo katã. (Psalmo 36:9) “Eya ŋutɔe naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame.” (Dɔwɔwɔwo 17:25, 28) Yehowa naa nu siwo míehiã be míanɔ agbe la mí. Gake menye ema ɖeɖe koe o, nu siwo wòna mí la sɔ gbɔ eye wole hamehame, ale be míate ŋu ase vivi na agbea.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 14:17.

2. Aleke míate ŋu aɖee afia Yehowa be míedea asixɔxɔ eƒe nunana si nye agbe ŋu?

Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò tso keke esime dawò fɔ wò fu ke. Biblia na míenya be mawusubɔla si nye David do gbe ɖa na Mawu gblɔ nɛ be: “Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe.” (Psalmo 139:16) Yehowa dea asixɔxɔ gã wò agbe ŋu. (Xlẽ Mateo 10:29-31.) Ate ɖe edzi vevie ne ame aɖe ɖoe koŋ wu ame aɖe alo ɖe eya ŋutɔ gɔ̃ hã ƒe agbe ɖa. a (2 Mose 20:13) Azɔ hã, ate ɖe Yehowa dzi vevie ne míede míawo ŋutɔwo míaƒe agbe afɔku me dzodzro alo míewɔ nu siwo wòle be míawɔ atsɔ akpɔ ame bubuwo ƒe agbe ta o. Ne míewɔa nu siwo ana míanɔ dedie eye míedea asixɔxɔ ame bubuwo ƒe agbe ŋu la, míeɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe nunana xɔasi si nye agbe ŋu.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ mɔ aɖewo siwo nu nàte ŋu aɖee afia le be yekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana si nye agbe ŋu.

3. Wɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me

Esi Kristotɔwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ta la, wozãa woƒe agbe, alo woƒe ameti bliboa tsɔ subɔnɛ. Ðeko wòle abe ɖe wotsɔ woƒe ŋutilãwo na wònye vɔsa na Mawu ene. Mixlẽ Romatɔwo 12:1, 2, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae wòle be wòaʋã wò be nàlé be na ɖokuiwò ale be nànɔ lãmesẽ me?

  • Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nànɔ lãmesẽ me?

4. Ðe afɔ siwo awɔe be wò ŋutɔ kple ame bubuwo miagadze afɔku o

Biblia de dzi ƒo na mí be míaƒo asa na nuwɔna siwo ate ŋu ade ame ƒe agbe afɔku me. Mikpɔ VIDEOA be nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be nànɔ dedie.

Mixlẽ Lododowo 22:3, eye miadzro biabia siawo me. Nu kae wò kple ame bubuwo miate ŋu awɔ be mianɔ dedie . . .

  • le aƒe me?

  • le dɔme?

  • ne miele fefem?

  • ne èle ʋu kum alo èɖo ʋu?

5. Mègawɔ naneke si agblẽ nu le vi si le dɔ me la ŋu o

David gblɔ nya siwo fia be vi si le tsitsim le dadaa ƒe dɔ me la ƒe dedienɔnɔ le vevie na Yehowa ŋutɔ. Mixlẽ Psalmo 139:13-17, eye miadzro biabia sia me:

  • Le Yehowa gbɔ la, ɣekaɣie ame ƒe agbe dzea egɔme, esime wofɔ amea ƒe fu ye loo alo esime wodzii?

Se siwo Yehowa de na blema Israel-viwo la kpɔ vidadawo kple wo vi si le dɔ me la ta. Mixlẽ 2 Mose 21:22, 23, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne ame aɖe meɖoe hafi wu vi si le dɔ me la o?

  • Aleke wòsena le eɖokui me ne ame aɖe ɖoe koŋ wu vi si le dɔ me la? b

  • Aleke nèkpɔ Mawu ƒe susu le nya sia ŋu?

Mikpɔ VIDEOA.

Nɔnɔme aɖewo ate ŋu awɔe be nyɔnu si dea asixɔxɔ agbe ŋu gɔ̃ hã nase le eɖokui me be naneke meli yeawɔ tsɔ wu be yeaɖe fu o. Mixlẽ Yesaya 41:10, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ne wole eƒom ɖe nyɔnu aɖe nu be wòaɖe fu la, ame ka ŋue wòle be wòatrɔ ɖo be wòakpe ɖe eŋu? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Gome le nyɔnu si be wòatiae be yeaɖe fu loo alo yemaɖee o—eya ƒoe fua le.”

  • Nu kae na nèka ɖe edzi be vidada kple vi si le dɔ me nɛ siaa ƒe agbe xɔ asi na Yehowa?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Biblia fia mí be míalɔ̃ Yehowa ƒe nunana si nye agbe, míade asixɔxɔ eŋu, eye míakpɔ eta. Esia ku ɖe míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa ƒe agbe ŋu.

Numetoto

  • Nu ka tae amegbetɔ ƒe agbe xɔ asi le Yehowa ŋkume?

  • Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne ame aɖe ɖoe koŋ ɖe ame ƒe agbe ɖa?

  • Nu ka tae nèdaa akpe ɖe Mawu ƒe nunana si nye agbe la ta?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Aleke míate ŋu ada akpe na Yehowa ɖe eƒe nunana si nye agbe la ta?

Hadzidzi 141 Lia—Agbe Nye Nukunu (2:41)

Le nyati sia me la, àkpɔ ŋuɖoɖo na biabia si nye, Ðe Mawu atsɔe ake nyɔnu aɖe si ɖe fu kpɔa?

“Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Fuɖeɖe Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si wòle be Mawu ƒe susu le agbe ŋu nakpe ɖe mía ŋu míatia modzakaɖeɖe si made míaƒe agbe afɔku me o.

“‘Kamedefefe Siwo Gbɔ Eme’—Ðe Wòle Be Nàde Ðokuiwò Afɔkua Mea?” (Nyɔ!, October 8, 2000)

Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ame si le didim be yeawu ye ɖokui la ŋu? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le nyati sia me.

“Medi Be Maku—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunye Ne Ele Wɔwɔm Nam Be Mawu Ðokuinyea?” (Nyati sia le jw.org)

a Yehowa tsɔ ɖe le eme na ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu alo ame siwo nuteɖeamedzi le fu ɖem na la vevie. (Psalmo 34:18) Enya vevesese si gbegbe me tom ameawo le, si wɔnɛ be wodina be yewoaku la nyuie, eye edi be yeakpe ɖe wo ŋu. Ne èdi be yeakpɔ ale si Yehowa ate ŋu akpe ɖe ame siwo le nɔnɔme siawo me tom ŋu la, xlẽ nyati si ƒe tanyae nye “Medi Be Maku—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunye Ne Ele Wɔwɔm Nam Be Mawu Ðokuinyea?” si dze le nusɔsrɔ̃ sia ƒe akpa si nye Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu.

b Mele be ame siwo ɖe fu kpɔ la nana woƒe dzitsinya nabu fɔ wo fũu akpa o, elabena Yehowa ate ŋu atsɔe ake wo. Ne èdi be yeakpɔ nya bubuwo ku ɖe nya sia ŋu la, xlẽ nyati si nye “Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Fuɖeɖe Ŋu?” si dze le nusɔsrɔ̃ sia ƒe akpa si nye Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu.