Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 39

Nya Kae Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu?

Nya Kae Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu?

Nu vevi aɖe ŋutɔe ʋu nye. Ne ʋu mele lãme na mí o la, mía dometɔ aɖeke mate ŋu anɔ agbe o. Mawu ye wɔ mí, eya ta, eyae wòle be wòagblɔ ale si míazã ʋui na mí. Nya kae wògblɔ tso ʋu ŋu? Ðe míate ŋu aɖu ʋu alo ana woado ʋu na mía? Eye aleke nàte ŋu atso nya me nyuie le nya sia ŋu?

1. Aleke Yehowa bua ʋui?

Yehowa gblɔ na esubɔla siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la be: “Ŋutilã ɖe sia ɖe ƒe agbee nye eƒe ʋu.” (3 Mose 17:14) Le Yehowa gbɔ la, ʋu le tsitre ɖi na agbe. Esi agbe nye nunana tso Mawu gbɔ eye wònye nu kɔkɔe ta la, ʋu hã nye nu kɔkɔe.

2. Se kae Mawu de ku ɖe ʋu ŋu?

Le Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa megbe kpuie la, Yehowa de se na esubɔlawo be woagaɖu ʋu o, emegbe egade se ma ke na blema Israel dukɔa hã. (Xlẽ 1 Mose 9:4 kple 3 Mose 17:10.) Le ƒe alafa geɖe megbe la, egade se ma ke na Kristotɔwo hã esi wòto dɔdzikpɔhaa dzi gblɔ na wo be “miatsri . . . ʋu.”—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

Nu kae wòfia be míatsri ʋu? Ne ɖɔkta gblɔ na wò be nàtsri aha sesẽ la, edze ƒãa be mànoe o. Gake ɖe nàɖu nuɖuɖu si me wode ahaea? Alo ɖe nàdo aha ɖe wò ʋukawo mea? Eme kɔ ƒãa be màwɔe nenema o. Nenema kee se si Mawu de be míatsri ʋu la fia be míagaɖu ʋu, ano ʋu, alo aɖu lã tsiʋume o. Nenema kee mele be míaɖu naneke si wotsɔ ʋu ɖa o.

Ke ʋuzazã le atikewɔnyawo me ya ɖe? Le dɔdamɔnu aɖewo gome la, eme kɔ ƒãa be wonye dada le Mawu ƒe sea dzi. Esiawo ƒe ɖewoe nye ʋudodo alo ʋu ƒe akpa vevi eneawo dometɔ aɖe dodo. Ʋu ƒe akpa vevi eneawoe nye ʋumenu dzĩwo, ʋumenu ɣiwo, ʋumenu gbabɛwo, kple ʋutsi. Le dɔdamɔnu bubuwo gome la, eme mekɔ nenye be wonye Mawu ƒe sea dzi dada o. Le kpɔɖeŋu me, le dɔdamɔnu aɖewo gome la, wozãa ʋumenu suesue siwo woɖe tso ʋu ƒe akpa vevi eneawo dometɔ aɖe me. Eye le dɔdamɔnu bubuwo gome la, wowɔa ame ŋutɔ ƒe ʋu ŋu dɔ. Ne míele dɔdamɔnu vovovo siawo dam kpɔ la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso nya me le eɖokui si le nu si wòawɔ ŋu. aGalatiatɔwo 6:5.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si nàwɔ atso nya me le dɔdamɔnu siwo nàlɔ̃ be woazã na ye la ŋu.

3. Tia dɔdamɔnu siwo dzea Yehowa ŋu

Aleke nàwɔ atia dɔdamɔnu siwo wɔ ɖeka kple se siwo Mawu de ku ɖe ʋu ŋu? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nu si tae wòle vevie be nàɖe afɔ siwo gbɔna la me.

  • Do gbe ɖa na Mawu be wòana nunya wò.—Yakobo 1:5.

  • Di Biblia ƒe mɔfiamewo eye nàbu ale si nàwɔ wo ŋu dɔe ŋu.—Lododowo 13:16.

  • Kpɔe ɖa be dɔdamɔnu kawo ŋu dɔe wowɔna le mia gbɔ hã.

  • De dzesi dɔdamɔnu siwo màlɔ̃ kura be woazã na ye o.

  • Kpɔ egbɔ be dɔdamɔnu si nàtia la awɔe be dzitsinya nyui nakpɔtɔ anɔ asiwò.—Dɔwɔwɔwo 24:16. b

  • Nenɔ susu me na wò be mele be ame aɖeke nagblɔ nu si wòle be nàwɔ la na wò le nu siwo me wòle be nàwɔ wò ŋutɔ wò dzitsinya ŋu dɔ le la me o—eɖanye srɔ̃wò, hamemetsitsi, alo ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò o.—Romatɔwo 14:12.

  • Wɔ wò nyametsotsoawo ŋuti nuŋlɔɖi.

4. Yehowa Ðasefowo dina be woazã dɔdamɔnu nyuitɔ na yewo

Anya wɔ be míawɔ ɖe Mawu ƒe se si ku ɖe ʋu ŋu la dzi eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woazã dɔdamɔnu nyuitɔ na mí ʋumadomadoe. Mikpɔ VIDEOA.

Mixlẽ Tito 3:2, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae wòle be míaƒo nu kple ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔlawo bubutɔe le tufafa me?

Esiwo Kristotɔwo tsri

Kristotɔ ŋutɔ atso nya me

A. Ʋutsi

Ʋumenu suesue siwo woɖe tso eme

B. Ʋumenu ɣiwo

Ʋumenu suesue siwo woɖe tso wo me

D. Ʋumenu gbabɛwo

Ʋumenu suesue siwo woɖe tso wo me

Ð. Ʋumenu dzĩwo

Ʋumenu suesue siwo woɖe tso wo me

 5. Ke ʋumenu suesuewo ya ɖe?

Woate ŋu ama ʋumenuwo ɖe akpa vevi ene me; woawoe nye ʋumenu dzĩwo, ʋumenu ɣiwo, ʋumenu gbabɛwo, kple ʋutsi. Wogatea ŋu ɖea ʋumenu bubuwo, siwo woyɔna be ʋumenu suesuewo tso ʋumenu vevi ene siawo me. c Wozãa ʋumenu suesue aɖewo tsɔ wɔa atike siwo tea ŋu kpea dɔléle aɖewo dzi alo nana ʋu si le ɖuɖum le ame ŋu la tɔna.

Le ʋumenu suesuewo gome la, ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nawɔ eya ŋutɔ ƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ŋu dɔ atso nya me le wo ŋu. Kristotɔ aɖewo ate ŋu agbe be woagazã dɔdamɔnu siwo me wozãa ʋumenu suesuewo le la na yewo o. Kristotɔ bubuwo hã ƒe dzitsinya ate ŋu aɖe mɔ na wo be woazã dɔdamɔnu mawo na yewo.

Ne èle nya me tsom le dɔdamɔnu siawo ŋu la, de ŋugble le biabia sia ŋu:

  • Aleke maɖe nu si tae melɔ̃ alo nyemelɔ̃ be woazã ʋumenu suesue aɖewo nam o la me na nye ɖɔkta?

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu kae gblẽ le ʋudodo ŋu?”

  • Nu kae wò ŋutɔ nèsusu tso nya sia ŋu?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yehowa di be míaƒo asa na ʋuzazã le mɔ gbegblẽ nu.

Numetoto

  • Nu ka tae Yehowa bua ʋu be enye nu kɔkɔe?

  • Aleke míewɔ nya be se si Mawu de be míatsri ʋu la ku ɖe ʋudodo hã ŋu?

  • Aleke nàwɔ atso nya me nyuie le dɔdamɔnu siwo me wozãa ʋu le la gome?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Nu kawo ŋue wòle be nàbu hafi atso nya me be woazã dɔdamɔnu siwo me woazã wò ŋutɔ wò ʋu le na ye loo alo womazãe na ye o?

“Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” (Gbetakpɔxɔ, October 15, 2000)

Nu kawo ŋue wòle be nàde ŋugble le hafi atso nya me be woazã ʋumenu suesuewo na ye loo alo womazãe na ye o?

“Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” (Gbetakpɔxɔ, June 15, 2004)

Nu kae na ɖɔkta aɖe va ka ɖe edzi be nya si Yehowa gblɔ ku ɖe ʋu ŋu la le eteƒe?

“Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi” (Nyɔ! ƒe nyati)

Le video sia me la, àkpɔ ale si hamemetsitsi siwo le Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo me la kpena ɖe wo nɔviwo ŋu.

Yehowa Kpena Ðe Ame Siwo Ƒe Lãme Gblẽ La Ŋu (10:23)

a Kpɔ Nusɔsrɔ̃ 35 lia si ƒe tanyae nye “Ale Si Nàwɔ Atso Nya Me Nyuie.”

b Kpɔ  numedzodzro 5 lia si nye, “Ke Ʋumenu Suesuewo Ya Ðe?” kple Dzesidenya 3 lia, si ƒe tanyae nye “Dɔdamɔnu Siwo Me Wozãa Ʋu Le.”

c Ðɔkta aɖewo bua ʋumenu vevi eneawo hã be wonye ʋumenu suesuewo. Eya ta, ahiã be nàna wò ɖɔkta nase egɔme nyuie be yemedi be woado ʋu ŋutɔ, ʋumenu dzĩwo, ʋumenu ɣiwo, ʋumenu gbabɛwo, alo ʋutsi na ye o.