Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 40

Aleke Míawɔ Be Míanɔ Dzadzɛ Le Mawu Ŋkume?

Aleke Míawɔ Be Míanɔ Dzadzɛ Le Mawu Ŋkume?

Tsɔe be vidada aɖe si lɔ̃ via la le edzram ɖo be wòayi suku. Ekpɔ egbɔ be ɖevia le tsi eye eƒe awuwo le dzadzɛ. Esia ana ɖevia nanɔ lãmesẽ me eye ana amewo nakpɔe hã be edzilawo léa be nɛ. Nenema kee mía Fofo lɔ̃ame, Yehowa, hã dina be míanɔ dzadzɛ—le ŋutilã kple agbenɔnɔ siaa gome. Ne míele dzadzɛ la, eɖea vi na míawo ŋutɔwo eye wòdea bubu eyama ŋu.

1. Aleke míate ŋu anɔ dzadzɛ le ŋutilã me?

Yehowa gblɔ na mí be: “Minɔ kɔkɔe.” (1 Petro 1:16) Hafi míate ŋu anɔ kɔkɔe la, ele be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã kple agbenɔnɔ siaa me. Míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me ne míelea tsi edziedzi eye míenana míaƒe awuwo, míaƒe aƒe me, kple míaƒe ʋu nɔa dzadzɛ. Míate ŋu akpe asi ɖe míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo hã ŋu. Ne míenɔa dzadzɛ le ŋutilã me la, míedea bubu Yehowa ŋu.—2 Korintotɔwo 6:3, 4.

2. Numame kawoe wòle be míaƒo asa na be míanɔ dzadzɛ?

Biblia de dzi ƒo na mí be “míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” (2 Korintotɔwo 7:1) Eya ta, ele be míaƒo asa na nu sia nu si ate ŋu agblẽ nu le míaƒe ŋutilã kple míaƒe susu ŋu. Ele be míaƒe tamesusuwo nadze Yehowa ŋu, eya ta míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míaganɔ nu gbegblẽwo ŋu bum o. (Psalmo 104:34) Ele be míadze agbagba be míanɔ dzadzɛ le míaƒe nuƒoƒo me hã.—Xlẽ Kolosetɔwo 3:8.

Nu bubu kawoe ate ŋu awɔe be míagava nɔ dzadzɛ le ŋutilã me alo agbenɔnɔ me o? Nanewo ate ŋu aƒo ɖi míaƒe ŋutilã alo agblẽ nu le eŋu. Eya ta, míeƒoa asa na nuwo abe atama alo sigarɛt, kple gbe muamewo kpakple atike muame bubu siwo wozãna ɖe dzidzɔdonameɖokui ta ene. Ne míeƒoa asa na nu siawo la, míenɔa lãmesẽ me eye míeɖenɛ fiana be míedea asixɔxɔ Mawu ƒe nunana si nye agbe ŋu. Míedzea agbagba vevie hã be míanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ me ne míekua kutri ƒoa asa na nuwɔna makɔmakɔ siwo nye ameɖokuigbɔdɔdɔ kple nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me la kpɔkpɔ. (Psalmo 119:37; Efesotɔwo 5:5) Ate ŋu asesẽ be ame naɖe asi le numame siawo ŋu, gake Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe asi le wo ŋu.—Xlẽ Yesaya 41:13.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si ne míele dzadzɛ le ŋutilã me la, esia dea bubu Yehowa ŋu, kple ale si nàwɔ aɖu numame gbegblẽwo dzi.

3. Ne míele dzadzɛ le ŋutilã me la, esia dea bubu Yehowa ŋu

Ne míedzro se siwo Yehowa de na blema Israel dukɔa me la, míekpɔa ale si gbegbe wòle vevie nɛ be yeƒe amewo nanɔ dzadzɛ. Mixlẽ 2 Mose 19:10 kple 30:17-19, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nu kae mawunyakpukpui siawo ɖe fia mí ku ɖe ale si Yehowa bua ŋutilãmedzadzɛnyenye ŋu?

  • Nu kawoe nàte ŋu anɔ wɔwɔm edziedzi ale be nànɔ dzadzɛ le ŋutilã me?

Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me. Ke hã, afi ka kee míeɖale o, alo aleke kee míaƒe ganyawo ɖale o, míate ŋu awɔ nu siwo hiã be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.

  • Ne míenana míaƒe nunɔamesiwo nɔa dzadzɛ la, nu ka tae esia ana ame siwo míeɖea gbeƒã na la nade bubu Yehowa ŋu geɖe wu?

4. Ðu numame gbegblẽwo dzi

Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu numame gbegblẽ ɖe sia ɖe dzi

Ne ènoa sigarɛt alo èzãa atike muamewo la, anɔ eme be ènya ale si gbegbe wòsesẽ be ame naɖu numame siawo dzi. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò? De ŋugble le ale si numamea le nu gblẽm le ŋuwòe la ŋu. Mixlẽ Mateo 22:37-39, eye miadzro nyabiase siawo me. Aleke sigarɛtnono alo atike muamewo zazã ate ŋu agblẽ nu le . . .

  • ƒomedodo si le ame kple Yehowa dome ŋu?

  • amea ƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo ŋu?

Ðe afɔ siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖu numame gbegblẽa dzi. a Mikpɔ VIDEOA.

Mixlẽ Filipitɔwo 4:13, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Ne ame aɖe léa fɔ ɖe gbedodoɖa, Biblia sɔsrɔ̃, kple kpekpeawo dede ŋu la, aleke nu siawo ate ŋu ado ŋusẽe be wòaɖu numame gbegblẽwo dzi?

5. Ƒo asa na nuwɔna makɔmakɔwo kple susu gbegblẽwo ŋu bubu

Mixlẽ Kolosetɔwo 3:5, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aleke míewɔ nya be Yehowa bua nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me kpɔkpɔ, gbɔdɔnuwo ɖoɖo ɖe ame to elektrɔnikmɔ̃wo dzi, kple ameɖokuigbɔdɔdɔ be wonye nuwɔna makɔmakɔwo?

  • Ðe nèsusu be míate ŋu anɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ gome abe ale si Yehowa di tso mía si enea? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Kpɔ ale si nàwɔ be nàɖu susu manyomanyowo ŋu bubu dzi. Mikpɔ VIDEOA.

Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖee fia be ele be míawɔ nu sia nu si hiã be míanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ gome. Mixlẽ Mateo 5:29, 30, eye miadzro biabia sia me:

  • Menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be míawɔ nu vevi mía ɖokui o, ke boŋ, eƒe nyawo fia be ele be míaɖe afɔ siwo hiã. Afɔ kawoe ame ate ŋu aɖe be wòaƒo asa na susu makɔmakɔwo ŋu bubu? b

Ne èle avu wɔm be yeaɖu susu makɔmakɔwo ŋu bubu dzi la, nyae be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedzewo ŋu. Mixlẽ Psalmo 103:13, 14, eye miadzro biabia sia me:

  • Ne èle agbagba dzem be yeaɖu numame makɔmakɔ aɖe dzi la, aleke mawunyakpukpui sia de dzi ƒo na wò be nàyi avua wɔwɔ dzi?

Ne edzɔ be mète ŋu ɖu ɖokuiwò dzi o la, mefia be èdo kpo nu o!

Ele bɔbɔe be nàgblɔ na ɖokuiwò be, ‘O, egadzɔ ake. Manya wɔ be maɖu numame sia dzi o.’ Gake bu nya sia ŋu kpɔ: Ne dulegbeƒula aɖe kli nu hedze anyi la, esia mefia be edo kpo nu o, eye mefia hã be ele be wòagadze dua ƒuƒu gɔme tso gɔmedzeƒea o. Nenema kee, ne egadzɔ be mète ŋu ɖu ɖokuiwò dzi o la, esia mefia be èdo kpo nu le avu si wɔm nèle be yeaɖu numame gbegblẽa dzi la me o. Eye mefia hã be agbagba siwo katã nèdze va yi la zu dzodzro o. Vivivi la, àva ɖu numamea dzi mlɔeba. Mègana ta o! Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu aɖu numame gbegblẽa dzi.

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ezu numame nam. Nyemate ŋu adzudzɔ o.”

  • Mawunyakpukpui kae nàte ŋu azã atsɔ akpe ɖe amea ŋu wòakpɔe be le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, yeate ŋu aɖu numame gbegblẽa dzi?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Ne míele dzadzɛ le míaƒe ŋutilã, susu, kple agbenɔnɔ me la, míaƒe nu dzea Yehowa ŋu.

Numetoto

  • Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be míanɔ dzadzɛ?

  • Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nànɔ dzadzɛ le ŋutilã me?

  • Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nànɔ dzadzɛ le wò tamesusuwo kple wò agbenɔnɔ me?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Ne ganyawo mede dziwò o gɔ̃ hã la, nu bɔbɔe kawoe nàte ŋu awɔ be nànɔ dzadzɛ le ŋutilã me?

Lãmesẽ Kple Dzadzɛnyenye—Asikɔklɔ (3:01)

Xlẽ nu tso afɔ siwo nàte ŋu aɖe be nàdzudzɔ sigarɛtnono la ŋu.

“Ale Si Nàwɔ Adzudzɔ Atamanono” (Nyɔ! ƒe nyati)

Xlẽ nu tso nu siwo amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽna le ame ŋu la ŋuti.

“Ðe Afɔku Le Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ Mea?” (Gbetakpɔxɔ, August 1, 2013)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si ŋutsu aɖe si amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu numame na la wɔ va dzudzɔ ekpɔkpɔ.

“Medo Kpo Nu Zi Geɖe Hafi Kpɔ Dzidzedze” (Gbetakpɔxɔ No. 4 2016)

a Nyati si ƒe tanyae nye, “Ale Si Nàwɔ Adzudzɔ Atamanono,” si dze le nusɔsrɔ̃ sia ƒe akpa si nye Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu la, ana nàkpɔ afɔ vovovo siwo nàte ŋu aɖe be nàɖu numame gbegblẽwo dzi.

b Ne èdi be yeaxlẽ nu tso ale si ame awɔ adzudzɔ eɖokui gbɔ dɔdɔ ŋu la, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Aleke Mawɔ Aɖu Numame Si Nye Ameɖokuigbɔdɔdɔ Dzi?” le agbalẽ sia me: Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo, Babla 1, ta 25.