Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 45

Nu Si Wòfia Be Míagade Akpa Aɖeke Dzi O

Nu Si Wòfia Be Míagade Akpa Aɖeke Dzi O

Yesu gblɔ be mele be ye yomedzelawo nanye “xexea ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 15:19) Nu si esia bia dometɔ aɖewoe nye be míagade akpa aɖeke dzi le xexe sia ƒe dunyahehe kple aʋawɔwɔwo me o. Gake menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míagade akpa aɖeke dzi o. Amewo ate ŋu aɖu fewu le mía ŋu le esia ta. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea akpa aɖeke dzi o eye míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa Mawu?

1. Aleke Kristotɔ vavãwo bua amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwoe?

Kristotɔ vavãwo dea bubu dziɖuɖuwo ŋu. Míewɔa nya si Yesu gblɔ be “mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro” la dzi, si fia be míewɔa dukɔa ƒe sewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, míexea adzɔ abe ale si dukɔa ƒe se bia ene. (Marko 12:17) Biblia na míenya be esi Yehowa ɖe mɔ ta koe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo le dzi ɖum ɖo. (Romatɔwo 13:1) Eya ta míesea egɔme be ŋusẽ aɖe si nu koe le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo si, si fia be seɖoƒe li na woƒe ŋusẽ. Míekpɔa mɔ be mía Mawu la ato eƒe Fiaɖuƒe si le dziƒo la dzi akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ.

2. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea akpa aɖeke dzi o?

Yesu mede nu dunya me o, eye míawo hã míedea nu dunya me o. Esi amewo kpɔ nukunu aɖe si Yesu wɔ la teƒe eye wodze agbagba be yewoaɖoe fia la, meɖe mɔ na wo o. (Yohanes 6:15) Nu ka tae? Eya ŋutɔ va gblɔ emegbe be, “nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 18:36) Esi míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ta la, míeɖenɛ fiana le mɔ vovovowo nu be míedea akpa aɖeke dzi o. Le kpɔɖeŋu me, míeyia aʋa o. (Xlẽ Mika 4:3.) Míedea bubu dukɔa ƒe dzesiwo abe aflaga ene ŋu, gake míetsɔa bubu si Mawu ɖeɖe ko dze na la nana nu mawo o. (1 Yohanes 5:21) Azɔ hã, míedea dunyahehabɔbɔ alo dunyahela aɖeke dzi o, eye míetsia tre ɖe wo ŋu hã o. Míetoa mɔ siawo kple bubuwo dzi ɖenɛ fiana be Mawu ƒe dziɖuɖu, si nye eƒe Fiaɖuƒea, ɖeɖe ko ƒe akpa dzie míele.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nɔnɔme siwo me wòtea ŋu sesẽna le be míagade akpa aɖeke dzi o kple ale si nàte ŋu atso nya me le nɔnɔme mawo me wòadze Yehowa ŋu.

3. Kristotɔ vavãwo medea akpa aɖeke dzi o

Yesu kple eyomedzelawo ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le esia gome. Mixlẽ Romatɔwo 13:1, 5-7 kple 1 Petro 2:13, 14. Eyome, mikpɔ VIDEOA eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Nu ka tae wòle be míade bubu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ŋu?

  • Mɔ siwo nu míeɖenɛ fiana le be míebɔbɔa mía ɖokui na wo la dometɔ aɖewoe nye kawo?

Ne aʋa dzɔ la, dukɔ aɖewo gblɔna be yewomede ame siwo le aʋaa wɔm kple wo nɔewo la dometɔ aɖeke dzi o, ke hã wonɔa alɔ dom akpa evea siaa. Ke nu ka tututue wòfia be míagade akpa aɖeke dzi o? Mixlẽ Yohanes 17:16. Eyome, mikpɔ VIDEOA eye miadzro biabia si gbɔna me.

  • Nu kae wòfia be míagade akpa aɖeke dzi o?

Ke ne dziɖuɖuwo bia tso mía si be míawɔ nane si tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu ya ɖe? Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 5:28, 29. Eyome, mikpɔ VIDEOA eye miadzro biabia siwo gbɔna me.

  • Ke ne amegbetɔwo de se aɖe si tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu ya ɖe, ame ka ƒe se dzie wòle be míawɔ?

  • Le wò susu nu la, nɔnɔme kawo mee wòate ŋu adzɔ le be Kristotɔwo mawɔ ɖe nya si dziɖuɖuwo gblɔ dzi o?

4. Mègade akpa aɖeke dzi le susu alo nuwɔna me o

Mixlẽ 1 Yohanes 5:21. Eyome, mikpɔ VIDEOA eye miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, nu ka tae Ayenge medi be yeaɖo dunyahehabɔbɔa me alo akpɔ gome le dulɔlɔ̃ ƒe wɔnawo, abe gbedodo na aflaga ene me o?

  • Ðe nèsusu be ewɔe nyuiea?

Nɔnɔme bubu kawo mee wòate ŋu asesẽ le be míagade akpa aɖeke dzi o? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

  • Aleke míate ŋu aƒo asa na akpa aɖe dzi dede ne dukɔwo le ho ʋlim kple wo nɔewo le kamedefefewo me?

  • Ne dunyahelawo ƒe nyametsotsowo gblẽ nu le mía ŋu alo de mía dzi gɔ̃ hã la, aleke míate ŋu aƒo asa na akpa aɖe dzi dede?

  • Aleke nya siwo míesena le nyadzɔdzɔwo me alo ame siwo míedea ha kplii la ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míagade akpa aɖeke dzi o?

Nɔnɔme vovovo siwo me wòle be Kristotɔ naƒo asa na akpa aɖe dzi dede le susu kple nuwɔna siaa me la dometɔ aɖewo ɖe?

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu ka tae mèdoa gbe na aflaga alo dzia dukɔa ƒe ha o?”

  • Ne ame aɖe bia nya sia la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Kristotɔwo dzea agbagba vevie be yewoagade akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o, eɖanye le woƒe susu, nuƒoƒo, alo nuwɔna me o.

Numetoto

  • Nu kae amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dze na si wòle be míatsɔ ana wo?

  • Nu ka tae míedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o?

  • Nɔnɔme kawo mee wòate ŋu asesẽ na mí le be míagade akpa aɖeke dzi o?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Nu kawoe wòate ŋu ahiã be míatsɔ asa vɔe ale be míagade akpa aɖeke dzi o?

Yehowa Megblẽ Mí Ði Kpɔ O (3:14)

Nu kae ƒomewo ate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe dodokpɔ siwo ate ŋu ava wo dzi le akpaɖekedzimademade ƒe nyawo me ŋu?

Mègade Akpa Aɖeke Dzi Le Dutoƒowɔnawo Me O (4:25)

Nu ka tae menye ame ƒe dukɔ ta ʋiʋli ye nana bubu gãtɔ kekeake nɔa ame ŋu o?

“Mawu Ya Tea Ŋu Wɔa Nu Sia Nu” (5:19)

Ne eva hiã be nàtso nya me le dɔ si nàwɔ ŋu la, aleke nàwɔ be màganye xexea ƒe akpa aɖeke o?

“Amesiame Atsɔ Ye Ŋutɔ Ƒe Agba” (Gbetakpɔxɔ, March 15, 2006)