Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 48

Ðɔ Ŋu Ðo Le Ame Siwo Nàdze Xɔlɔ̃e La Tiatia Me

Ðɔ Ŋu Ðo Le Ame Siwo Nàdze Xɔlɔ̃e La Tiatia Me

Ne xɔlɔ̃ nyuiwo le mía si la, wonana míekpɔa dzidzɔ geɖe le dzidzɔɣiwo, eye wodoa ŋusẽ mí le ɣeyiɣi sesẽwo me. Gake Biblia na míenya be menye ame sia amee nyea xɔlɔ̃ nyui o. Ke aleke nàwɔ adze xɔlɔ̃ nyuiwo? De ŋugble le nyabiase siwo gbɔna ŋu kpɔ.

1. Aleke xɔ̃wòwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe dziwò?

Zi geɖe la, míaƒe nɔnɔmewo va ɖia ame siwo míedea ha kplii edziedzi la tɔ. Esia ate ŋu aɖe vi na mí loo alo agblẽ nu le mía ŋu. Esia dzɔna, eɖanye be míedea ha kple ameawo ŋkume kple ŋkume loo alo to Internet dzi o. Esia wɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ be, “ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya, ke ame si dea ha kple bometsilawo [ame siwo melɔ̃ Yehowa o] la, eme manyo nɛ o.” (Lododowo 13:20) Ne èdze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wosubɔnɛ la, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò be mia kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli eye nàwɔ nyametsotso nyuiwo hã. Ne mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo nye ame siwo melɔ̃ Yehowa o la, esia ate ŋu ana ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me nagblẽ. Esia tae Biblia de dzi ƒo na mí be míaɖɔ ŋu ɖo le ame siwo ƒomevi míadze xɔlɔ̃e ŋu! Ne mía xɔlɔ̃wo nye ame siwo lɔ̃ Mawu la, esia ɖea vi na míawo ŋutɔwo kple woawo siaa. Nu si tae nye be, míetea ŋu ‘dea dzi ƒo na mía nɔewo hetua mía nɔewo ɖo.’—1 Tesalonikatɔwo 5:11.

2. Aleke Yehowa ase le eɖokui me le ame siwo ƒomevi míedzea xɔlɔ̃e ŋu?

Menye ame sia ame koe Yehowa tiana be wòanye ye xɔlɔ̃ o. Biblia gblɔ be: “Tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.” (Lododowo 3:32) Aleke Yehowa ase le eɖokui me ne míedze xɔlɔ̃ ame siwo melɔ̃ eyama o? Ate ɖe edzi ŋutɔ! (Xlẽ Yakobo 4:4.) Gake Yehowa akpɔ dzidzɔ eye wòana míanye exɔlɔ̃ ne míetsri hadede vɔ̃wo eye míete ɖe eyama kple ame siwo lɔ̃e la ŋu kplikplikpli.—Psalmo 15:1-4.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu si tae wòle vevie ŋutɔ be míaɖɔ ŋu ɖo le ame siwo ƒomevi míadze xɔlɔ̃e ŋu kple ale si nàna wò xɔlɔ̃dzedzewo naɖe vi geɖe na wò.

3. Ƒo asa na hadede vɔ̃wo

Ame siwo melɔ̃ Mawu kple eƒe sewo o la mate ŋu anye xɔlɔ̃ nyuiwo na mí o. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia si gbɔna me.

  • Aleke wòate ŋu adzɔ be hadede vɔ̃ ƒe mɔ̃ naɖe mí hafi míava nya?

Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:33, eye miadzro biabia siawo me:

  • Ame kawo tɔgbie ate ŋu anye hadede vɔ̃ na wò? Nu ka tae?

Mixlẽ Psalmo 119:63, eye miadzro biabia sia me:

  • Ame ka tɔgbie wòle be nàdze xɔlɔ̃e?

Atikutsetse vóvo ɖeka ate ŋu agblẽ mamlɛawo. Aleke hadede kple ame aɖe si meɖɔ ʋu o ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò?

4. Ame siwo mía kpli wo míeto vovo le mɔ aɖewo nu gɔ̃ hã ate ŋu anye xɔlɔ̃ nyuiwo na mí

Biblia ƒo nu tso David kple Yonatan, siwo nye ŋutsu eve siwo nɔ anyi le blema Israel la ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu. Togbɔ be Yonatan nye fiavi eye wòtsi wu David xoxoxo hã la, wonye xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o. Mixlẽ 1 Samuel 18:1, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ka tae mehiã kokoko be mía xɔlɔ̃wo nanye mía hatiwo alo ame siwo mía kpli wo ƒe ɖoƒe le ɖeka o?

Mixlẽ Romatɔwo 1:11, 12, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Aleke xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ Yehowa la ate ŋu ade dzi ƒo na wo nɔewoe?

Le video sia me la, àkpɔ ale si wòdzɔe be ɖekakpui aɖe dze xɔlɔ̃ le afi si mesusui be yeakpɔ xɔlɔ̃ le o. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, nu ka tae Akil ƒe xɔlɔ̃dzedze le suku medzɔ dzi na edzilawo o?

  • Le gɔmedzedzea me la, nu ka tae xɔlɔ̃dzedze ame mawo dzɔ dzi na Akil?

  • Aleke wòwɔ ɖu eƒe akogotsitsia dzi?

5. Ale si nàwɔ adze xɔlɔ̃ nyuiwo

Àkpɔ ale si nàwɔ adze xɔlɔ̃ vavãwo eye wò ŋutɔ hã nànye xɔlɔ̃ nyui la le video sia me. Mikpɔ VIDEOA.

Mixlẽ Lododowo 18:24 kple 27:17, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aleke xɔlɔ̃ vavãwo kpena ɖe wo nɔewo ŋui?

  • Ðe xɔlɔ̃ nyui siawo tɔgbi le asiwòa? Ne xɔlɔ̃ siawo tɔgbi mele asiwò o la, aleke nàwɔ akpɔ ɖe?

Mixlẽ Filipitɔwo 2:4, eye miadzro biabia sia me:

  • Hafi nàte ŋu adze xɔlɔ̃ nyuiwo la, ele be wò ŋutɔ hã nànye xɔlɔ̃ nyui. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

Hafi xɔlɔ̃ nyuiwo nanɔ asiwò la, ele be wò ŋutɔ hã nànye xɔlɔ̃ nyui

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ne ètiaa xɔlɔ̃wo me akpa la, xɔlɔ̃ aɖeke manɔ asiwò o.”

  • Aleke nèsusu tso nya ma ŋu?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Ne míeɖɔa ŋu ɖo le ame siwo ƒomevi míedzea xɔlɔ̃e ŋu la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu, eye aɖe vi na míawo ŋutɔwo hã.

Numetoto

  • Nu ka tae Yehowa di vevie be míaɖɔ ŋu ɖo le xɔlɔ̃wo tiatia me?

  • Ame kawo ƒomevie mele be míadze xɔlɔ̃e o?

  • Aleke nàwɔ adze xɔlɔ̃ vavãwo eye mia kpli wo dome nanɔ kplikplikpli?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si xɔlɔ̃ vavãwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me.

“Dze Agbagba Mia Kple Nɔviwò Kristotɔwo Dome Nanɔ Kplikplikpli Hafi Nuwuwua Nava” (Gbetakpɔxɔ, November 2019)

Àkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be nàdze xɔlɔ̃ vavãwo la le nyati sia me.

“Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Nyuiwo?” (Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo, Babla 1, ta 8 lia)

Nu kae wòle be nànya tso xɔlɔ̃dzedze le Internet dzi ŋu?

Zã Internet Dzi Hahokadoƒewo Nunyatɔe (4:12)

Le ŋutinya si ƒe tanyae nye “Edzrom Be Fofo Nanɔ Asinye” me la, àkpɔ nu si na ŋutsu aɖe dzudzɔ hadede kple exɔlɔ̃ xoxoawo hedze xɔlɔ̃ bubuwo.

“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, April 1, 2012)