Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 51

Aleke Nàƒo Nu Na Amewoe Be Wò Nu Nadze Yehowa Ŋu?

Aleke Nàƒo Nu Na Amewoe Be Wò Nu Nadze Yehowa Ŋu?

Esi Yehowa wɔ mí la, ena nu nyui aɖe ŋutɔ mí—eyae nye ŋutete si le mía si be míaƒo nu. Ðe ale si míezãa nunana ma le vevie na Yehowa? Ɛ̃, ele vevie nɛ ŋutɔ! (Xlẽ Yakobo 1:26.) Eya ta, aleke míate ŋu awɔ míaƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetea ŋu dɔ wòadze Yehowa ŋu?

1. Aleke wòle be míazã nuƒoƒo ƒe ŋutete si Yehowa na mí?

Biblia gblɔ na mí be, “Miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo.” (1 Tesalonikatɔwo 5:11) Ðe nènya ame aɖewo siwo wòhiã be woade dzi ƒo na? Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na wo? Ka ɖe edzi na wo be yetsɔ ɖe le eme na wo. Le kpɔɖeŋu me, ne ède dzesi nɔnɔme aɖewo le wo ŋu siwo doa dzidzɔ na wò la, àte ŋu agblɔe na wo. Ðe nènya mawunyakpukpui aɖe si nàte ŋu atsɔ ade dzi ƒo na wò ame nyanyɛ aɖea? Mawunyakpukpui geɖewo li siwo nàte ŋu azã. Anyo be wòanɔ susu me na wò hã be menye nya siwo nàgblɔ koe le vevie o, ke ale si nàƒo nui hã ate ŋu ade dzi ƒo na amewo ale gbegbe. Eya ta, dze agbagba be nàƒo nu le dɔmenyonyo kple tufafa me ɣeawokatãɣi.—Lododowo 15:1.

2. Nuƒoƒo ka tɔgbie wòle be míatsri?

Biblia gblɔ be: “Migana nya ƒaƒã aɖeke nado tso miaƒe nu me o.” (Xlẽ Efesotɔwo 4:29.) Esia fia be mele be míagblɔ nya madzetowo alo agblɔ nya veamewo kple dzugbe siwo ana ame aɖe nase veve o. Azɔ hã, ele be míaƒo asa na amenyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi kple ameŋugbegblẽ.—Xlẽ Lododowo 16:28.

3. Nu kae ana míaƒe nuƒoƒo nade dzi ƒo na amewo?

Zi geɖe la, nya siwo míegblɔna la ɖea nu si koŋ le dzi me na mí alo nu siwo ŋu míebuna la fiana. (Luka 6:45) Eya ta, ele be míamla mía ɖokuiwo ale be míaƒe susu nanɔ nu siwo dea dzi ƒo na ame la ŋu. Nu siawo ƒe ɖewoe nye nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, nu siwo dze na lɔlɔ̃, kple nu siwo dze na kafukafu. (Filipitɔwo 4:8) Hafi míaƒe susu nate ŋu anɔ nu siawo ŋu la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo le nu siwo míetsɔ ɖea modzakae kple ame siwo míedzea xɔlɔ̃e la ŋu. (Lododowo 13:20) Azɔ hã, eɖea vi ne míegbɔa dzi ɖi bua nuwo ŋu nyuie hafi ƒoa nu. Àte ŋu abia ɖokuiwò be, ‘Aleke nya si màgblɔ la ana amewo nase le wo ɖokui me?’ Biblia gblɔ be: “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene, ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.”Lododowo 12:18.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si nàna wò nuƒoƒo nadze Yehowa ŋu eye wòade dzi ƒo na amewo.

4. Ðɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me

Mí katã míegblɔa nya aɖewo ɣeaɖewoɣi siwo va vea mí emegbe. (Yakobo 3:2) Mixlẽ Galatiatɔwo 5:22, 23, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nɔnɔme nyui siawo dometɔ kawo ŋue nàdi be yeado gbe ɖa le ale be nàte ŋu aɖu ɖokuiwò dzi le nuƒoƒo me? Aleke nɔnɔme nyui mawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe?

Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:33, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke ame siwo ƒomevi nèdzea xɔlɔ̃e kple nu siwo nètsɔna ɖea modzakae la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nuƒoƒo dzi?

Mixlẽ Nyagblɔla 3:1, 7, eye miadzro biabia sia me:

  • Nɔnɔme kawo mee wòasɔ le be nàzi ɖoɖoe alo alala ɣeyiɣi nyuitɔ hafi aƒo nu?

5. Ƒo nu nyui tso amewo ŋu

Aleke míawɔ aƒo asa na amedzudzu kple nya veamewo gbɔgblɔ na amewo? Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

  • Le videoa me la, nu ka tae nɔviŋutsua di be yeatrɔ asi le ale si yeƒoa nu na amewoe ŋu?

  • Nu kawoe wòwɔ si kpe ɖe eŋu wòtrɔ?

Mixlẽ Nyagblɔla 7:16, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne eva tame na mí be míagblɔ nya manyomanyowo tso ame aɖe ŋu?

Mixlẽ Nyagblɔla 7:21, 22, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Aleke mawunyakpukpui siawo akpe ɖe ŋuwò be màgado dziku ne ame aɖe gblɔ nya manyomanyowo tso ŋuwò o?

6. Ƒo nu na wò ƒomea me tɔwo le ameŋububu me

Yehowa di be míaƒo nu na míaƒe ƒomea me tɔwo le lɔlɔ̃ kple ameŋububu me. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.

  • Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu na wò ƒomea me tɔwo le ameŋububu me?

Mixlẽ Efesotɔwo 4:31, 32, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke míate ŋu aƒo nu na míaƒe ƒomea me tɔwo ne woakpɔe be míelɔ̃ yewo?

Yehowa gblɔ ale si wòse le eɖokui me tso Via Yesu ŋu faa. Mixlẽ Mateo 17:5, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua le ale si nèƒoa nu na wò ƒomea me tɔwo me?

Dze agbagba be nànɔ amewo kafum

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Nye susu koe nye ya megblɔna. Ne medzɔ dzi na ame aɖe oa, mekam o.”

  • Aleke nèsusu tso nya ma ŋu? Nu ka tae?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Míaƒe nyawo ate ŋu atu ame ɖo loo alo ado vevesese na ame. Eya ta, ehiã be míabu nya si míagblɔ, ɣeyiɣi si míagblɔe, kple ale si míagblɔe la ŋu nyuie.

Numetoto

  • Aleke nàte ŋu ato wò nuƒoƒo dzi ade dzi ƒo na amewo?

  • Nuƒoƒo ka tɔgbie nàdi be yeatsri?

  • Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒo nu ameŋububutɔe eye míaƒe nyawo natu ame ɖo ɣesiaɣi?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe nuƒoƒo nade dzi ƒo na amewo?

Tu Nunyalawo Ƒe Aɖe Ðo (8:04)

Le nyati sia me la, àkpɔ nu si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtsri nya madzetowo gbɔgblɔ.

“Ðe Amedzudzu Nye Nu Gbegblẽ Nenema Gbegbea?” (Nyati sia le jw.org)

Le video sia me la, àkpɔ ale si nàwɔ aƒo asa na ameŋunyagbɔgblɔ vɔ̃ɖi.

Ameŋunyagbɔgblɔ—Nu Kae Mawɔ? (2:36)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋutsu aɖe ŋu wòdzudzɔ nya madzetowo gbɔgblɔ.

“Meva Te Afi Si Nye Agbe Ðo Tae Ŋu Bubu Vevie” (Gbetakpɔxɔ, August 1, 2013)