Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 54

Akpa Si “Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” La Wɔna

Akpa Si “Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” La Wɔna

Yesu ye nye Kristo hamea ƒe Ta. (Efesotɔwo 5:23) Egbea, Yesu si nye Fia le dziƒo la toa “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi fiaa mɔ eyomedzelawo le anyigba dzi. (Xlẽ Mateo 24:45.) Yesu ŋutɔe ɖo “kluvi” la, eye ena ŋusẽe be wòatso nya me le nanewo ŋu, gake ele be kluvia naɖo to Kristo eye wòasubɔ Kristo nɔviwo. Ame kae nye kluvi ma, eye aleke wòléa be na mí?

1. Ame kae nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la?

Tso blema ke la, Yehowa ɖoa ame aɖe alo amewo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe be wòafia mɔ yeƒe amewo. (Malaki 2:7; Hebritɔwo 1:1) Le Yesu ƒe ku megbe la, apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem lae xɔ ŋgɔ le Kristo hamea me. (Dɔwɔwɔwo 15:2) Nenema kee egbea hã, hamemetsitsiwo ƒe ha sue aɖee xɔa ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome. Ŋutsu siawoe nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa. Ƒuƒoƒo sue sia ye naa gbɔgbɔmenuɖuɖu Mawu ƒe amewo eye eya kee naa mɔfiame wo ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Ƒuƒoƒo sue sia ye nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si [Yesu] ɖo” Kristo hamea nu. (Mateo 24:45a) Dɔdzikpɔhaa me tɔwo katã nye Kristotɔ siwo Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na, eye wole mɔ kpɔm be ne yewowu yewoƒe agbenɔnɔ nu le anyigba dzi la, yewoaɖaɖu fia kple Kristo le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me.

2. Nu kae nye gbɔgbɔmenuɖuɖu si kluvi nuteƒewɔlaa nana Mawu ƒe amewo?

Yesu gblɔ be kluvi nuteƒewɔlaa ‘ana nuɖuɖu [ehati Kristotɔwo] le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’ (Mateo 24:45b) Abe ale si ko nuɖuɖu ŋutɔŋutɔ nana ŋusẽ nɔa mía ŋu eye míenɔa lãmesẽ me ene la, nenema kee gbɔgbɔmenuɖuɖu, si nye mɔfiame siwo tso Mawu ƒe Nyaa me la, doa ŋusẽ mí be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa eye míawɔ dɔ si Yesu de mía si be míawɔ. (1 Timoteo 4:6) Míexɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu sia to hame ƒe kpekpewo, takpekpewo, Biblia-srɔ̃gbalẽwo, kple videowo dzi. Gbɔgbɔmenuɖuɖua kpena ɖe mía ŋu míesea Mawu ƒe lɔlɔ̃nu gɔme, eye enana míedoa ŋusẽ ƒomedodo si le mía kplii dome.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu si tae míehiã “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si nye Dɔdzikpɔha la.

Dɔdzikpɔhaa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu, mɔfiamewo, kple kpekpeɖeŋu bubuwo Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo

3. Ele be Yehowa ƒe amewo nawɔ nu ɖe ɖoɖo nu

Dɔdzikpɔhaa wɔa dɔ le Yesu ƒe mɔfiafia te hekpɔa egbɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo nanɔ ɖoɖo nu. Nenema kee nuwo nɔ le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli. Mikpɔ VIDEOA.

Mixlẽ 1 Korintotɔwo 14:33, 40, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke kpukpui siawo ɖee fia be Yehowa di be yeƒe Ðasefowo nawɔ nu ɖe ɖoɖo nu?

4. Kluvi nuteƒewɔlaa wɔa ɖoɖo ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu

Gbeƒãɖeɖe nya nyuia ye nye dɔ vevitɔ si Kristotɔ gbãtɔwo wɔ. Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 8:14, 25, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli la, ame kawoe na mɔfiamewo ku ɖe ale si woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

  • Aleke Petro kple Yohanes wɔ nui esi wo nɔvi apostoloawo na mɔfiame wo ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

Gbeƒãɖeɖedɔa ye nye dɔ vevitɔ kekeake si dzi kpɔm Dɔdzikpɔhaa le. Mikpɔ VIDEOA.

Nya siwo Yesu gblɔ la ɖee fia be gbeƒãɖeɖedɔa le vevie ŋutɔ. Mixlẽ Marko 13:10, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa le vevie na Dɔdzikpɔhaa nenema gbegbe ɖo?

  • Nu ka tae míehiã na ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ be wòawɔ ɖoɖo ɖe xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

5. Kluvi nuteƒewɔlaa na mɔfiamewo Kristo hamea

Dɔdzikpɔhaa naa mɔfiamewo Kristotɔ siwo le xexea me godoo. Aleke Dɔdzikpɔhaa wɔna nyana mɔfiame si wòle be yeana? Na míakpɔ ale si dɔdzikpɔha si nɔ anyi le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli la wɔ esiae ɖa. Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 15:1, 2, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nu kae na nyaʋiʋli ɖo nɔvi aɖewo dome le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli?

  • Ame kawoe Paulo, Barnaba, kple ame bubuawo tsɔ nyaa yi na be woakpɔ egbɔ?

Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 15:12-18, 23-29, eye miadzro biabia sia me:

  • Hafi dɔdzikpɔha si nɔ anyi le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli natso nya me la, nu kae wowɔ be yewoanya Mawu ƒe mɔfiame le nyaa ŋu?—Kpɔ kpukpui 12, 15, kple 28 lia.

Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 15:30, 31 kple 16:4, 5, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aleke Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nui esi woxɔ mɔfiame si dɔdzikpɔhaa na wo?

  • Esi wowɔ ɖe mɔfiamea dzi la, aleke Yehowa yra woe?

Mixlẽ 2 Timoteo 3:16 kple Yakobo 1:5, eyome miadzro biabia sia me:

  • Afi kae Dɔdzikpɔhaa dia mɔfiamewo tsonɛ hafi wɔa nyametsotsowo egbea?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ne èɖo to Dɔdzikpɔhaa la, ke amegbetɔwo yome ko dzem nèle.”

  • Nu kae na nèka ɖe edzi be Yesu ye le mɔ fiam Dɔdzikpɔhaa?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Dɔdzikpɔhaa ye nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si Kristo tsɔ ɖo hamea nu. Dɔdzikpɔhaa naa mɔfiamewo kple gbɔgbɔmenuɖuɖu Kristotɔwo le xexea me godoo.

Numetoto

  • Ame kae ɖo ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’?

  • Aleke Dɔdzikpɔhaa léa be na míi?

  • Ðe nèka ɖe edzi be Dɔdzikpɔhaa ye nye ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le nyati sia me la, àkpɔ ɖoɖo si nu Dɔdzikpɔhaa wɔa eƒe dɔwo le.

“Nu Kae Nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha?” (Nyati sia le jw.org)

Le video sia me la, àkpɔ nu siwo Dɔdzikpɔhaa wɔna tsɔ kpɔa egbɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu si míexɔna la de pɛpɛpɛ.

Agbagbadzedze Be Míaƒe Agbalẽwo Me Nyawo Nade Pɛpɛpɛ (17:18)

Aleke Dɔdzikpɔhaa me tɔwo sena le wo ɖokui me tso dɔ si Yesu de wo si be woawɔ la ŋu?

Mɔnukpɔkpɔ Si Ŋu Wodea Asixɔxɔe (7:04)

Aleke míaƒe kpekpewo kple takpekpewo ɖoa kpe edzi be Yehowa ye le mɔ fiam Dɔdzikpɔhaa?

Yehowa Le Nu Fiam Eƒe Amewo (9:39)