Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 58

Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe Na Yehowa

Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe Na Yehowa

Kristotɔ vavãwo ɖoe kplikpaa be yewomaɖe mɔ ame aɖeke alo naneke nana yewoadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Míeka ɖe edzi be nenemae nèsena le ɖokuiwò me. Wò nuteƒewɔwɔ le vevie na Yehowa ŋutɔ. (Xlẽ 1 Kronika 28:9.) Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàyi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, eye nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nuteƒe nɛ?

1. Aleke amewo ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míawɔ nuteƒe na Yehowa?

Ame aɖewo adze agbagba be yewoana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Ame kawoe adi be yewoawɔ nu ma? Ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la dometɔ aɖewo gblɔa alakpanyawo tso eƒe habɔbɔa ŋu kple susu be yewoagblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu. Ame siawoe woyɔna be xɔsegbelawo. Azɔ hã, subɔsubɔhakplɔla aɖewo kakaa alakpanyawo tso mía ŋu be yewoana ame siwo mele ŋudzɔ o la nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Afɔku le eme be míahe nya kple ame mawo tɔgbi, axlẽ woƒe agbalẽwo, alo axlẽ nu siwo woŋlɔ ɖe Internet dzi hahokadoƒewo alo woƒe nyatakakadzraɖoƒewo, alo akpɔ woƒe videowo. Yesu gblɔ tso ame siwo dzea agbagba be yewoaɖe dzi le ame bubuwo ƒo be woagawɔ nuteƒe na Yehowa o la ŋu be: “Miɖe asi le wo ŋu. Mɔfiala ŋkuagbãtɔwoe wonye. Ke ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo ame eve la siaa woage dze do me.”Mateo 15:14.

Ke ne ame aɖe si míenya la tso nya me be yemaganye Yehowa Ðasefo o ɖe? Esia ate ŋu agbã dzi na mí ŋutɔ, vevietɔ ne enye ame si míenya nyuie. Ame ma ƒe nuwɔnawo ate ŋu ana wòava hiã be míatiae nenye be míanɔ eƒe akpa dzi loo alo míanɔ Yehowa ƒe akpa dzi. Ele be míaɖoe kplikpaa be míawɔ nuteƒe na Mawu wu ame bubu ɖe sia ɖe. (Mateo 10:37) Eya ta míewɔa Yehowa ƒe se si nye be míagade ha kple ame mawo tɔgbi o la dzi.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 5:11.

2. Aleke míaƒe nyametsotsowo ate ŋu aɖee afia nenye be míewɔa nuteƒe na Yehowa?

Míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã mí be míagakpe asi ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu le mɔ aɖeke nu o. Mele be míaƒe dɔwɔɖui, habɔbɔ aɖe si me míele, alo nu siwo me míekpɔa gome le la nana kadodo aɖe nava nɔ mía kple alakpasubɔsubɔ dome o. Yehowa xlɔ̃ nu mí be: “Nye dukɔ, mido go le [Babilon Gã la me].”Nyaɖeɖefia 18:2, 4.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu si nàwɔ be màgaɖe mɔ ame aɖeke nawɔe be màgava nɔ Yehowa subɔm bliboe o. Azɔ hã, àkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be nàdo go le Babilon Gã la me atsɔ aɖee afia be èwɔa nuteƒe na Yehowa.

3. Kpɔ nyuie le aʋatsonufialawo ŋu

Aleke wòle be míawɔ nui ne míesee amewo gblɔ nya siwo mele eteƒe o tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu? Mixlẽ Lododowo 14:15, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae míeɖɔa ŋu ɖo be míagaxɔ nya sia nya si míese la dzi ase o?

Mixlẽ 2 Yohanes 10, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aleke wòle be míawɔ nu ɖe xɔsegbelawo ŋui?

  • Ne míeɖo dze kple xɔsegbelawo tẽe o gɔ̃ hã la, aleke wòate ŋu adzɔe be woƒe susuwo nava kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi?

  • Aleke nèsusu be Yehowa sena le eɖokui me ne míeɖoa to nya vɔ̃ siwo xɔsegbelawo gblɔna tso eyama alo eƒe habɔbɔa ŋu?

4. Yi edzi nàwɔ nuteƒe na Mawu ne nɔvi aɖe wɔ nu vɔ̃ gɔ̃ hã

Ne míeva nya be ame aɖe si le hamea me wɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la, nu kae wòle be míawɔ? Kpɔ mɔfiame aɖe si dze le Se si Mawu na blema Israel-viwo la me ɖa. Mixlẽ 3 Mose 5:1.

Abe ale si wòdze le mawunyakpukpuia me ene la, ne míeva nya nu tso nu vɔ̃ gã aɖe si nɔvi aɖe wɔ ŋu la, ele be míagblɔ nu si míenya tso eŋu la na hamemetsitsiwo. Gake hafi míaɖe afɔ sia la, anye lɔlɔ̃ɖeɖefia ame si wɔ nu vɔ̃a ne míegblɔ nɛ be eya ŋutɔ nayi aɖaʋu nu vɔ̃ si wòwɔ la me na hamemetsitsiwo. Ne meyi ɖagblɔe na hamemetsitsiwo o la, ele be nuteƒewɔwɔ na Yehowa naʋã mí be míawo ŋutɔwo míayi aɖagblɔ nu si míenya tso nyaa ŋu la na hamemetsitsiwo. Aleke esia wɔwɔ aɖee afia be míewɔ nuteƒe na . . .

  • Yehowa Mawu?

  • ame si wɔ nu vɔ̃a?

  • hamea me tɔ bubuwo?

Ne haxɔsetɔ aɖe ɖe afɔ gbegblẽ aɖe la, kpe ɖe eŋu!

5. Mègado ka kple Babilon Gã la le mɔ aɖeke nu o

Mixlẽ Luka 4:8 kple Nyaɖeɖefia 18:4, 5, eyome nàɖo nyabiase siawo ŋu:

  • Ðe nye ŋkɔ gakpɔtɔ le alakpasubɔsubɔha aɖe ƒe agbalẽ me, si ana woabum be meganye woƒe hamevia?

  • Ðe mele habɔbɔ aɖe si do ƒome kple alakpasubɔsubɔha aɖe mea?

  • Ðe dɔ si mewɔna la kpea asi ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu le mɔ aɖe nua?

  • Ðe nu bubu aɖe gali si wòle be mawɔ ale be kadodo aɖeke naganɔ nye kple alakpasubɔsubɔhawo dome oa?

  • Ne meɖo biabia siawo dometɔ aɖe ŋu be ɛ̃ la, ke tɔtrɔ kawoe wòle be mawɔ?

Le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, wɔ nu si ana dzitsinya nyui nanɔ asiwò eye wòaɖee afia be èwɔa nuteƒe na Yehowa.

Nu kae nàwɔ ne wobia tso asiwò be nàdzɔ nu atsɔ ado alɔ subɔsubɔha aɖe?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ehiã be manya nya si xɔsegbelawo gblɔna tso Yehowa Ðasefowo ŋu ale be mate ŋu aʋli nyateƒea ta.”

  • Ðe nunya le esia mea? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Hafi míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa la, ele be míaƒo asa na hadede kple ame siwo mewɔa nuteƒe nɛ o. Azɔ hã, ele be míatso kadodo me kple alakpasubɔsubɔhawo keŋkeŋ.

Numetoto

  • Nu ka tae mele be míakpɔ xɔsegbelawo ƒe wɔnawo, axlẽ nu tso woƒe nufiafiawo ŋu, alo ase woƒe nyawo o?

  • Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo megadi be yewoanye Yehowa Ðasefowo o la ŋu?

  • Aleke míate ŋu awɔ ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame si nye be míado go le alakpasubɔsubɔ me la dzi?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si nàwɔ nui ne amewo kaka alakpanyawo tso Yehowa Ðasefowo ŋu.

“Ðe Nènya Nyateƒe Bliboa?” (Gbetakpɔxɔ, August 2018)

Aleke nàwɔ anya ne dɔwɔna aɖe alo habɔbɔ aɖe kpea asi ɖe Babilon Gã la ŋu?

“Tsɔ Dzo Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu Le ‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Ƒe Nuwuɣi La Me” (Gbetakpɔxɔ, October 2019, memama 16-18)

Aleke tsitretsiɖeŋula aɖewo dze agbagba be yewoana míaƒe xɔse me nagbɔdzɔ?

Minɔ Ŋudzɔ Ðe Amebeble Ŋu (9:32)

Le ŋutinya si ƒe tanyae nye “Menɔ Mawu Dim Tso Nye Ðevime Ke” me la, àkpɔ ale si Shinto subɔsubɔha ƒe nunɔla aɖe tso kadodo me kple alakpasubɔsubɔ.

“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, July 1, 2011)