Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 59

Àte Ŋu Awɔ Nuteƒe Ne Woti Yowòme

Àte Ŋu Awɔ Nuteƒe Ne Woti Yowòme

Esi míenye Kristotɔwo ta la, adzɔ godoo be amewo adze agbagba be yewoana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ, eye woawɔ fu mí gɔ̃ hã ne míegbe be míadzudzɔ o. Ðe wòle be esia nana míavɔ̃a?

1. Nu ka tae míekpɔa mɔ be woati mía yome?

Biblia gblɔe eme kɔ nyuie be: “Ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (2 Timoteo 3:12) Amewo ti Yesu yome le esi menye Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖeke o ta. Míawo hã míenye xexea ƒe akpa aɖeke o, eya ta mewɔa nuku na mí ne xexe sia me dziɖuɖuwo kple subɔsubɔhawo ti mía yome o.—Yohanes 15:18, 19.

2. Aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe yometitiwo ŋui?

Fifiae wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Gbe sia gbe la, di ɣeyiɣi nàdo gbe ɖa na Yehowa eye nàxlẽ eƒe Nya, Biblia hã. Nɔ hamea ƒe kpekpewo hã dem edziedzi. Esiawo katã akpe ɖe ŋuwò dzi nanɔ ƒowò nàwɔ nuteƒe le yometiti ɖe sia ɖe si ava dziwò me, ne wò ƒometɔwo gbɔe yometitia tso gɔ̃ hã. Apostolo Paulo, ame si yome woti zi geɖe la ŋlɔ bena: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o.”Hebritɔwo 13:6.

Ne míeɖea gbeƒã edziedzi la, esia hã akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo geɖe wu. Ne míeɖea gbeƒã la, ekpena ɖe mía ŋu míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míeɖua amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. (Lododowo 29:25) Ne dzi le ƒowò nèɖea gbeƒã fifia la, esia ana nàsu te nyuie be nàyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi ne dziɖuɖua ɖo asi míaƒe dɔa dzi gɔ̃ hã.—1 Tesalonikatɔwo 2:2.

3. Viɖe kae míakpɔ ne míedo dzi le yometitiwo me?

Ele eme baa be menye ɖe wòdzɔa dzi na mí be woati mía yome o, gake ne míedo dzi wɔ nuteƒe le yometiti me la, míaƒe xɔse me gasẽna ɖe edzi. Azɔ hã, mía kple Yehowa dome gava nɔa kplikplikpli wu ne nu te mía ŋu le yometiti me eye míekpɔe be ekpe ɖe mía ŋu míete ŋu do dzi wɔ nuteƒe nɛ. (Xlẽ Yakobo 1:2-4.) Etena ɖe Yehowa dzi ne ekpɔ mí míele fu kpem, gake ne míedo dzi wɔ nuteƒe nɛ la, esia dzea eŋu. Biblia gblɔ be: “Ne miekpea fu le nu nyui wɔwɔ ta, eye miedo dzi tsɔe la, esia dzea Mawu ŋu.” (1 Petro 2:20) Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa la, ana míanɔ agbe tegbee le xexe yeyea me. Le afi ma la, mí katã míasubɔe le ablɔɖe me eye ame aɖeke matsi tre ɖe mía ŋu o.—Mateo 24:13.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu si tae wòanya wɔ be míawɔ nuteƒe na Yehowa ne amewo le mía yome tim gɔ̃ hã. Azɔ hã, àkpɔ ale si Yehowa ayra mí ne míewɔ nuteƒe nɛ.

4. Àte ŋu awɔ nuteƒe ne wò ƒometɔwo tsi tre ɖe ŋuwò gɔ̃ hã

Yesu nyae nyuie be ate ŋu adzɔ be míaƒe ƒometɔ aɖewo madi be míasubɔ Yehowa o. Mixlẽ Mateo 10:34-36, eye miadzro biabia sia me:

  • Ne ame aɖe tso nya me be yeasubɔ Yehowa la, nu kae eƒe ƒometɔwo ate ŋu awɔ?

Mikpɔ VIDEOA, be miakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe, eyome midzro biabia si gbɔna me.

  • Nu kae nàwɔ ne wò ƒometɔ alo xɔ̃wò aɖe dze agbagba be yeana nàdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?

Mixlẽ Psalmo 27:10 kple Marko 10:29, 30. Ne miexlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe vɔ la, midzro biabia sia me:

  • Aleke ŋugbedodo sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne wò ƒometɔ alo xɔ̃wò aɖe le tsitre tsim ɖe ŋuwò?

5. Yi edzi nàsubɔ Yehowa ne amewo le yowòme tim gɔ̃ hã

Ebia dzinɔameƒo be míayi edzi asubɔ Yehowa ne amewo le agbagba dzem be yewoana míadzudzɔ esubɔsubɔ. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

  • Aleke kpɔɖeŋu si nɔviawo ɖo le videoa me la do ŋusẽ wòe?

Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 5:27-29 kple Hebritɔwo 10:24, 25. Ne miexlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe vɔ la, midzro nyabiase sia me:

  • Nu ka tae wòle vevie be míayi edzi asubɔ Yehowa ne dziɖuɖua de se be míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe alo kpekpeawo dede gɔ̃ hã?

6. Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi

Le xexea me godoo la, Yehowa Ðasefo sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa esime wonɔ wo yome tim gɔ̃ hã. Mikpɔ VIDEOA, be miakpɔ nu si kpe ɖe wo ŋu wowɔ nuteƒe. Eyome midzro biabia si gbɔna me.

  • Le videoa me la, nu kae kpe ɖe Ðasefo mawo ŋu wodo dzi?

Mixlẽ Romatɔwo 8:35, 37-39 kple Filipitɔwo 4:13. Ne miexlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe vɔ la, midzro biabia sia me:

  • Aleke mawunyakpukpui sia na nèka ɖe edzi be yeate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me?

Mixlẽ Mateo 5:10-12, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae nàte ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole yowòme tim gɔ̃ hã?

Yehowa subɔla miliɔn geɖe do dzi wɔ nuteƒe esime woti wo yome. Wò hã àte ŋu awɔ nuteƒe!

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ne woti yonyeme la, nyemeka ɖe edzi be mate ŋu ado dzi o.”

  • Mawunyakpukpui kawoe nèkpɔ be woate ŋu akpe ɖe wo ŋu be dzi naɖo wo ƒo?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Ne wole mía yome tim gake míedo dzi wɔ nuteƒe la, Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe agbagbadzedzewo ŋu ŋutɔ. Eye le eƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe nɛ!

Numetoto

  • Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nakpɔ mɔ be amewo ati yewo yome?

  • Nu kae nàte ŋu awɔ fifia ale be nàsu te nyuie awɔ nuteƒe ne woti yowòme?

  • Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be yeate ŋu ayi edzi asubɔ Yehowa le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le video sia me la, nɔviŋutsu aɖe si wolé de gaxɔ me le eƒe akpaɖekedzimademade ta la ƒo nu tso ale si Yehowa kpe ɖe eŋu wòdo dzii la ŋu.

Edo Dzi Esi Woti Eyome (2:34)

Le video sia me la, àkpɔ nu si kpe ɖe atsu kple asi aɖe ŋu woyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe togbɔ be woti wo yome hã.

Yehowa Subɔsubɔ Le Ɣeyiɣi Vovovowo Me (7:11)

Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nàwɔ nu dzinɔameƒotɔe ne woti yowòme.

“Dzra Ðo Fifia Ðe Yometiti Ŋu” (Gbetakpɔxɔ, July 2019)

Aleke wòle be míawɔ nui ne míaƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe mía ŋu, eye nu kae míawɔ be mía kpli wo dome nanɔ nyuie gake míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?

“Nyateƒea ‘Mehea Ŋutifafa Vɛ O, Ke Yi Boŋ’” (Gbetakpɔxɔ, October 2017)