Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 60

Yi Edzi Nàna Wò Kple Yehowa Dome Nanɔ Kplikplikpli

Yi Edzi Nàna Wò Kple Yehowa Dome Nanɔ Kplikplikpli

Èsrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu tso esime nèdze Biblia me dzodzro ƒe ɖoɖo sia gɔme. Nu siwo nèsrɔ̃ tso Yehowa ŋu la na nèva lɔ̃e ale gbegbe be ɖewohĩ ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe nɛ hexɔ nyɔnyrɔ. Alo ɖewohĩ èle eɖom be yeaɖe afɔ siawo kpuie. Gake ne èxɔ nyɔnyrɔ vɔ gɔ̃ hã la, ele be nàyi edzi anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu. Ɛ̃, àte ŋu ayi edzi anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu tegbee. Aleke nàwɔ esiae?

1. Nu ka tae wòle be nàyi edzi ana wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli wu?

Ele be míaku kutri vevie be míayi edzi ana mía kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu. Nu ka tae? ‘Ale be míagatra ɖa tso egbɔ gbeɖe o.’ (Hebritɔwo 2:1) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe? Àte ŋu awɔ esia ne èdoa vevie gbeƒãɖeɖedɔa eye nètoa mɔ vovovowo dzi wɔa geɖe le mía Mawu la subɔsubɔ me. (Xlẽ Filipitɔwo 3:16.) Nu nyuitɔ si míawɔ le agbe mee nye be míasubɔ Yehowa!—Psalmo 84:10.

2. Nu bubu kawoe wòle be nàyi edzi anɔ wɔwɔm?

Togbɔ be Biblia me dzodzro ƒe ɖoɖo sia le enu wum hã la, ele vevie be nàyi edzi anɔ agbe abe Kristotɔ ene ɖaa. Biblia gblɔ be ehiã be ‘miado amenyenye yeye la.’ (Efesotɔwo 4:23, 24) Ne èyi edzi le Mawu ƒe Nya la srɔ̃m eye nèle hamea ƒe kpekpewo dem la, àgasrɔ̃ nu yeyewo tso Yehowa kple eƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu. Dze agbagba nànɔ Mawu ƒe nɔnɔme nyuiawo ɖem fia le wò agbenɔnɔ me geɖe wu. Yi edzi nànɔ tɔtrɔ ɖe sia ɖe si hiã la wɔm be nàdo dzidzɔ na Yehowa.

3. Aleke Yehowa akpe ɖe ŋuwò be wò kplii dome nanɔ kplikplikpli wu?

Biblia gblɔ be: “Mawu . . . ŋutɔ ana miawu miaƒe hehexɔxɔa nu. Ana miali ke, ana miasẽ ŋu, ana mianɔ te sesĩe.” (1 Petro 5:10) Tetekpɔwo vaa mí katã mía dzi. Gake Yehowa naa nu siwo míehiã be míaɖu wo dzi la mí. (Psalmo 139:23, 24) Edo ŋugbe be yeana didia kple ŋusẽa wò be nàsubɔ ye ahawɔ nuteƒe na ye.—Xlẽ Filipitɔwo 2:13.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu siwo nàwɔ be wò kple Yehowa dome nagava nɔ kplikplikpli geɖe wu kple ale si Yehowa ayra wòe.

4. Na dzeɖoɖo ƒe kadodo nanɔ wò kple Xɔ̃wò vevitɔ la dome

Gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋuwò be nèva zu Yehowa xɔlɔ̃. Aleke nu mawo ke wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò kplii dome nagava nɔ kplikplikpli wu?

Mixlẽ Psalmo 62:8, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke nàte ŋu ana wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi ale be wò kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu?

Mixlẽ Psalmo 1:2 kple etenuŋɔŋlɔa, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke nàte ŋu ana Biblia xexlẽ naɖe vi geɖe wu na wò ale be wò kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu?

Nu kawoe nàte ŋu awɔ be wò ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ naɖe vi geɖe wu na wò? Mikpɔ VIDEOA, be nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ la dometɔ aɖewo ɖa, eyome midzro biabia siwo gbɔna me.

  • Nu siwo ŋu nɔviawo ƒo nu tsoe le videoa me la dometɔ kawo ŋu dɔe nàte ŋu awɔ?

  • Nyati kawo ŋue wò ŋutɔ nàdi be yeasrɔ̃ nu tsoe?

5. Ðo taɖodzinu siwo akpe ɖe ŋuwò nàgasubɔ Yehowa nyuie wu

Ne èɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò le Yehowa subɔsubɔ me la, woakpe ɖe ŋuwò be nànɔ ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

  • Esi Cameron ɖo taɖodzinuwo na eɖokui le Yehowa subɔsubɔ me la, viɖe kawoe do tso eme nɛ?

Menye mía dometɔ ɖe sia ɖee ate ŋu aʋu ayi dukɔ bubu me aɖaɖe gbeƒã o. Ke hã, mí katã míate ŋu aɖo taɖodzinu siwo gbɔ míate ŋu aɖo la na mía ɖokuiwo. Mixlẽ Lododowo 21:5, eye miadzro nyabiase siawo me. Taɖodzinu kawo gbɔe nàdi be yeaɖo le . . .

  • hamea me?

  • gbeƒãɖeɖedɔa me?

Aleke gɔmeɖose si le mawunyakpukpuia me akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò taɖodzinuawo gbɔ?

Taɖodzinu siwo nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò

  • Na wò gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi.

  • Xlẽ Biblia bliboa.

  • Dze agbagba nànya ame sia ame le hamea me.

  • Dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe.

  • Wɔ kpekpeɖeŋu alo gbe sia gbe mɔɖeɖedɔa.

  • Ne nɔviŋutsue nènye la, dze agbagba be nàva nye subɔsubɔdɔwɔla.

6. Kpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee!

Mixlẽ Psalmo 22:26, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu kae nàte ŋu awɔ be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me fifia yi ɖe mavɔmavɔ me?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Na ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome la nanɔ sesẽm ɖe edzi, eye nàɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò le Yehowa subɔsubɔ me. Ekema àte ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee!

Numetoto

  • Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàsubɔe ahawɔ nuteƒe nɛ?

  • Nu kawoe nàte ŋu awɔ be wò kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu?

  • Ne èɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò le Yehowa subɔsubɔ me la, aleke esia ate ŋu ana wò kplii dome nanɔ kplikplikpli?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Kae le vevie na Yehowa wu, be míawɔ nu ɖedzesi aɖe zi ɖeka aɖe atsɔ aɖee afia be míewɔa nuteƒe nɛ loo alo be míasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe le míaƒe agbemeŋkekewo katã me?

Wɔ Nuteƒe Abe Abraham Ene (9:20)

Ate ŋu adzɔ be Yehowa subɔla wɔnuteƒe gɔ̃ hã magava nɔ dzidzɔ kpɔm o. Àkpɔ nu siwo wòate ŋu awɔ be wòagava nɔ dzidzɔ kpɔm ake la le video sia me.

Nusɔsrɔ̃ kple Ŋugbledede Nena Nàgakpɔ Dzidzɔ (5:25)

Aleke nàte ŋu aɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò le Mawu subɔsubɔ me eye nàɖo wo gbɔ?

“Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae” (Gbetakpɔxɔ, July 15, 2004)

Nu ka tae wòle vevie be nànye Kristotɔ si tsi le xɔse me, eye aleke nàwɔ aɖo taɖodzinu sia gbɔ?

“Mina Míayi Ŋgɔ Aɖo Tsitsinyenye Gbɔ—‘Yehowa Ƒe Ŋkeke Gã La Tu Aƒe’” (Gbetakpɔxɔ, May 15, 2009)