Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 2 Lia Ƒe Numetoto

Akpa 2 Lia Ƒe Numetoto

Wò kple ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò midzro nyabiase siwo gbɔna me:

  1. Nu kae Mawu ava wɔ alakpasubɔsubɔhawo?

  2. Mixlẽ 2 Mose 20:4-6.

    • Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne ame siwo be yewole esubɔm la zãa nɔnɔmewɔwɔwo le woƒe subɔsubɔ me?

  3. Ame kae nye Yesu?

  4. Yesu ƒe nɔnɔme nyuiawo dometɔ kae dzɔ dzi na wò wu?

  5. Mixlẽ Yohanes 13:34, 35 kple Dɔwɔwɔwo 5:42.

    • Ame kawoe nɔa agbe abe Kristotɔ vavãwo ene egbea? Nu kawoe na nèkpɔe be wonye Kristotɔ vavãwo?

  6. Ame kae nye Kristo hamea ƒe ta, eye aleke wòle mɔ fiam hameae?

  7. Mixlẽ Mateo 24:14.

  8. Ðe nèkpɔe be anyo be yeaxɔ nyɔnyrɔa? Nu ka tae?

  9. Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo si me?

  10. Aleke Mawu ɖoe be agbea nanɔ na mí?

  11. Nu ka tae amegbetɔwo kpea fu hekuna?

  12. Mixlẽ Yohanes 3:16.

    • Nu kae Yehowa wɔ be yeatsɔ aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me?

  13. Mixlẽ Nyagblɔla 9:5.

  14. Nu ka tae Mawu Fiaɖuƒea nyo wu dziɖuɖu bubu ɖe sia ɖe?

  15. Ðe nèxɔe se be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum ­fifia? Nu ka tae? Ɣekaɣie wòdze dziɖuɖu gɔme?