Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 3 Lia Ƒe Numetoto

Akpa 3 Lia Ƒe Numetoto

Wò kple ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò midzro nyabiase siwo gbɔna me:

  1. Mixlẽ Lododowo 27:11.

  2. Aleke nàwɔ atso nya me nyuie ne Biblia mede se aɖeke tẽe tso nya aɖe ŋu o?

  3. Aleke nàte ŋu aɖi anukware le nuwo katã me?

  4. Mixlẽ Mateo 6:33.

    • Le dɔwɔɖui kple ganyawo gome la, aleke nàte ŋu aɖee afia be èyi edzi le ‘Fiaɖuƒea dim gbã’?

  5. Mɔ kawo nue nàte ŋu aɖee afia le be èdea asixɔxɔ agbe ŋu abe ale si Yehowa wɔnɛ ene?

  6. Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 15:29.

    • Aleke nàte ŋu awɔ ɖe Yehowa ƒe se si ku ɖe ʋu ŋu la dzi?

    • Ðe nèkpɔe be anya wɔ be míawɔ ɖe eƒe seawo dzia?

  7. Mixlẽ 2 Korintotɔwo 7:1.

    • Nu kae wòfia be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã kple agbenɔnɔ gome?

  8. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:9, 10.

    • Nya kae Biblia gblɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu? Èlɔ̃ ɖe nya mawo dzia?

    • Nya kae Biblia gblɔ tso aha sesẽ nono ŋu?

  9. Mixlẽ Mateo 19:4-6, 9.

    • Nu kae nye Mawu ƒe mɔfiame ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

    • Nu ka tae wòle be woade srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ?

  10. Azãɖuɖu kple ŋkekenyui siwo medzea Yehowa ŋu o la dometɔ aɖewo ɖe? Nu ka tae womedzea eŋu o?

  11. Mixlẽ Yohanes 17:16 kple Dɔwɔwɔwo 5:29.

    • Aleke nàɖee afia be mèdea akpa aɖeke dzi o?

    • Ne amegbetɔwo ƒe se tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu la, nu kae nàwɔ?

  12. Mixlẽ Marko 12:30.