Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Azãɖuɖuwo

Azãɖuɖuwo

Azã si Kristotɔwo ɖuna

Azã ka koŋue Kristotɔwo ɖuna?

Mawusubɔlawo dina vevie be yewoaƒo ƒu asubɔ

5Mo 31:12; Heb 10:​24, 25

Azã siwo Kristotɔwo meɖuna o

Nu ka tae mele be míaɖu azã siwo dzɔ tso alakpasubɔsubɔ me o?

1Ko 10:21; 2Ko 6:​14-18; Ef 5:​10, 11

Kpɔ nyati si nye “Xɔsetsakatsaka” hã

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Mo 32:​1-10—Yehowa do dziku ɖe Israel-viwo ŋu vevie esi wosubɔ legba evɔ wonɔ gbɔgblɔm be Yehowa subɔm yewole

    • 4Mo 25:​1-9—Yehowa he to na eƒe amewo le esi woɖu trɔ̃subɔlawo ƒe azã eye wonɔ agbe gbegblẽ ta

Kristotɔwo ƒe azãe Kristmas nyea?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 2:​1-5—Le Yesu dziɣi la, Roma dziɖuɖua de se be woaŋlɔ anyigbadzinɔlawo katã ƒe ŋkɔ; dziɖuɖua mate ŋu abia tso Yudatɔ siwo dze aglã ɖe eŋu xoxo la si be woazɔ mɔ le vuvɔŋɔli avae ŋlɔ ŋkɔ o

    • Lk 2:​8, 12—Vuvɔ wɔna vevie le December me le nuto si me wodzi Yesu le, evɔ alẽkplɔlawo nɔ gbedzi esi wodzii, eya ta edze ƒãa be menye December mee wodzi Yesu o

Ðe wòle be Kristotɔwo naɖu dzigbezãa?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 40:​20-22—Trɔ̃subɔla Farao ɖu eƒe dzigbezã eye wòwu ame le ŋkeke ma dzi

    • Mt 14:​6-11—Fia vɔ̃ɖi Herodes si lé fu Kristo yomedzelawo ɖu eƒe dzigbezã eye wòna wowu Yohanes Amenyrɔɖetsimela

Azã siwo wotu ɖe Mose ƒe Sea dzi

Ðe wole be Kristotɔwo nawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi eye woaɖu azã siwo le Sea mea?

Ðe wòle be Kristotɔwo naɖu kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat la?

Dukɔa ƒe azãwo

Ðe wòle be Kristotɔwo naɖu nu siwo dziɖuɖua te ŋu wɔ na dukɔa ƒe azãwoa?

Ðe wòle be Kristotɔwo naɖu dukɔa ƒe aʋadziɖuzãwoa?

Ðe wòle be Kristotɔwo naɖu azã siwo wotsɔ dea bubu tɔxɛ ameŋkutawo ŋua?

2Mo 20:5; Ro 1:25

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 12:​21-23—Esi amehaa de bubu tɔxɛ si Mawu dzena la Herodes Agripa Gbãtɔ ŋu eye wòlɔ̃ xɔe la, Mawu he to nɛ vevie

    • Dw 14:​11-15—Apostolo Barnaba kple Paulo gbe be wòagade bubu tɔxɛ yewo ŋu o

    • Nyɖ 22:​8, 9—Mawudɔla aɖe melɔ̃ be woatsɔ subɔsubɔ si Mawu dzena la ana ye o