Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyametsotso

Nyametsotso

Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie?

Nu ka tae mele be míatsɔ dzitsitsi atso nya me le nya veviwo ŋu o?

Esi míede blibo o ta la, nu ka tae mele be míaɖo dzi ɖe mía ɖokui ŋu ne míele nya me tsom o?

Lod 28:26; Yr 17:9

Kpɔ 4Mo 15:39; Lod 14:12; Nyg 11:​9, 10

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 35:​20-24—Yosiya si nye fia nyui mewɔ ɖe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o, eye wòho aʋa ɖe Farao Neko ŋu

Nu ka tae wòle vevie be míado gbe ɖa hafi atso nya me le nya veviwo ŋu?

Flp 4:​6, 7; Yak 1:​5, 6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 6:​12-16—Yesu do gbe ɖa zã bliboa hafi tia eƒe apostolo wuieveawo

    • 2Fi 19:​10-20, 35—Esi futɔwo do ŋɔdzi na Fia Hizkiya la, edo gbe ɖa na Yehowa eye wòxɔ nɛ

Ame ka koe ate ŋu afia mɔ mí míatso nya me nyuie, eye mɔ ka dzie wòtona wɔa esia?

Ps 119:105; Lod 3:​5, 6; 2Ti 3:​16, 17

Kpɔ Ps 19:7; Lod 6:23; Yes 51:4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 15:​13-18—Hafi dɔdzikpɔha si nɔ Yerusalem natso nya me le nya vevi aɖe ŋu la, woku nu me le Ŋɔŋlɔawo me

Ale si míatso nya me nyuie:

Le atikewɔnyawo me

Biblia me kpɔɖeŋu:

Dw 19:​18-20—Kristotɔ siwo nɔ Efeso gbe nu le madziki kple gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawo gbɔ

Le dɔwɔɖuinyawo me

Kpɔ nyati si nye “Dɔwɔwɔ

Le ɣeyiɣi zazã me

Le modzakaɖenyawo me

Kpɔ nyati si nye “Modzakaɖeɖe; Kamedede

Le nya sia nya me

Le srɔ̃ɖeɖe ƒe nyawo me

Kpɔ nyati si nye “Srɔ̃ɖeɖe

Le taɖodzinu siwo míaɖo le mawusubɔsubɔ me

Aleke mía nɔvi siwo tsi le gbɔgbɔme ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie?

Hio 12:12; Lod 11:14; Heb 5:14

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 1:​11-31, 51-53—Bat-Seba wɔ ɖe aɖaŋu si nyagblɔɖila Natan ɖo nɛ la dzi eye esia kpɔ eya kple via Salomo ƒe agbe ta

Nu ka tae mele be míaɖo ŋu ɖe ame bubuwo ŋu be woatso nya me na mí o?

Nu ka tae mele be míaŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo dzi o, ke boŋ míadze agbagba awɔ wo dzi?

Ps 18:​20-25; 141:5; Lod 8:33

Kpɔ Lk 7:30

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 19:​12-14, 24, 25—Lot xlɔ̃ nu ŋutsu siwo ava ɖe viawo ku ɖe afɔku si gbɔna ŋu gake womeɖo toe o

    • 2Fi 17:​5-17—Woɖe aboyo Israel-viwo elabe wogbe toɖoɖo Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo enuenu

Nu ka tae wòle be míadze agbagba aɖo to míaƒe dzitsinya ne míele nya me tsom?

Ne míedea ŋugble le nu siwo ate ŋu ado tso míaƒe nyametsotsowo me ŋu do ŋgɔ la, aleke esia aɖe vi na mí?

Aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi?

Aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe kadodo si le mía kple Yehowa dome dzi?

Aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔme dzi?

Nu ka tae wòle be ame sia ame natso nya me na eɖokui?