Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔbuɖeame

Mɔkpɔkpɔbuɖeame

Ne amewo mewɔ nu abe ale si míekpɔ mɔ ene o, wowɔ nu wòve mí alo wotrɔ mí to eme la, mɔkpɔkpɔ buna ɖe mí

Ps 55:​12-14; Lk 22:​21, 48

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 8:​1-6—Esi Israel-viwo gblɔ na nyagblɔɖila Samuel be wòaɖo fia na yewo la, ete ɖe edzi vevie

    • 1Sa 20:​30-34—Fia Saul do dziku ɖe via Yonatan ŋu vevie eye wòdo ŋukpee, esia te ɖe Yonatan dzi ale gbegbe

  • Mawunyakpukpui siwo afa akɔ na wò:

  • Biblia me ŋutinya siwo ade dzi ƒo na wò:

    • Ps 55:​12-14, 16-18, 22—Togbɔ be Fia David xɔlɔ̃ kplikplikpli Ahitofel trɔe to eme hã, David ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye esia na eƒe dzi dze eme

    • 2Ti 4:​16-18—Esi apostolo Paulo ɖo xaxa me la, exɔlɔ̃ aɖewo gblẽe ɖi, gake Yehowa do ŋusẽe eye wòna mɔkpɔkpɔ su esi

Míawo ŋutɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nu vɔ̃wo nana mɔkpɔkpɔ buna ɖe mí

Hio 14:4; Ro 3:23; 5:12

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ps 51:​1-5—Nu te ɖe Fia David dzi vevie esi wòwɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu

    • Ro 7:​19-24—Apostolo Paulo ƒe nu wɔ nublanui na eɖokui esime wònɔ avu wɔm kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo

  • Mawunyakpukpui siwo afa akɔ na wò:

  • Biblia me ŋutinya siwo ade dzi ƒo na wò:

    • 1Fi 9:​2-5—Togbɔ be Fia David wɔ nu vɔ̃ gã aɖewo le agbe me hã, Yehowa gblɔ be eƒe dzi dza le ye ŋkume

    • 1Ti 1:​12-16—Apostolo Paulo ka ɖe edzi be woakpɔ nublanui na ye togbɔ be yewɔ nu vɔ̃ aɖewo va yi hã