Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameɖeɖelehame

Ameɖeɖelehame

Nu ka tae wòle be hamemetsitsiwo nakpɔ egbɔ be hamea le dzadzɛ?

Aleke nɔvi aɖe ƒe nuwɔna ate ŋu agblẽ nu le hame bliboa ŋu?

1Ko 5:​1, 2, 5, 6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yos 7:​1, 4-14, 20-26—Akan kple eƒe ƒomea wɔ nu vɔ̃, eye esia gblẽ nu le dukɔ bliboa ŋu

    • Yon 1:​1-16—Esi nyagblɔɖila Yona meɖo to Yehowa o la, ena tɔdziʋua me nɔlawo ƒe agbe ɖo afɔku me

Nuwɔna kawo tɔgbi ŋue womeɖea mɔ ɖo le Kristo hamea me o?

Ne Kristotɔ aɖe xɔ nyɔnyrɔ evɔ wòtsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la, nu kae wòle be woawɔ nɛ?

Nu ka dzie wòle be hamemetsitsiwo naka ɖo le nya aɖe ŋu hafi aɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti?

Aleke hamemetsitsiwo awɔ akpɔ kpeɖodzi be nu gbegblẽ si nɔvi aɖe wɔ nye nu vɔ̃ gã si ta wòle be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti?

Nu ka tae wòva hiãna be woaɖe ame aɖe le hamea me alo agbe nya nɛ, eye aleke esia ɖea vi na hamea?

Nya kae Biblia gblɔ tso ale si míawɔ nu ɖe ame siwo woɖe le hamea me ŋu?

Ne ame aɖe si woɖe le hamea me trɔ dzi me emegbe la, ɖe woagate ŋu axɔe ɖe hamea mea?

2Ko 2:​6, 7

Kpɔ nyati si nye “Dzimetɔtrɔ” hã

Nu kae mí katã míate ŋu awɔ be hamea nanɔ dzadzɛ?

Nu ka tae mele be Kristotɔ si wɔ nu vɔ̃ gã natsyɔ nu eƒe nu vɔ̃a dzi le esi wòle vɔvɔ̃m be woava ɖe ye le hamea me ta o?

Nu ka tae wòava hiã ɣeaɖewoɣi be míadzudzɔ hadede kplikplikpli kple ame aɖe si womeɖe le hamea me o gɔ̃ hã?

Nu kae Kristotɔ aɖe ate ŋu awɔ ne nɔvi aɖe gblẽ eŋu alo tafae, eye nu ka tae?

Ne nɔvi aɖe le afɔ aɖe ɖem si ate ŋu agblẽ nu le eŋu la, nu ka tae wòle be Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me naɖo aɖaŋu nɛ?