Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ahanono

Ahanono

Ðe Biblia de se be woagano aha sesẽ oa?

Ps 104:​14, 15; Nyg 9:7; 10:19; 1Ti 5:23

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yh 2:​1-11—Le nukunu gbãtɔ si Yesu wɔ me la, etrɔ tsi wòzu wain nyui gbogbo aɖe na srɔ̃ɖeƒe valawo be woano, esia wɔe be ŋu mekpe srɔ̃tɔ yeyeawo o

Afɔku kawoe le aha tsu nono kple ahamumu me?

Aleke mawusubɔlawo bua ahamumui?

1Ko 5:11; 6:​9, 10; Ef 5:18; 1Ti 3:​2, 3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 9:​20-25—Esi Noa no aha mu la, nu siwo va do tso eme gblẽ nu le tɔgbuiyɔvia ŋu

    • 1Sa 25:​2, 3, 36—Nabal ŋlɔmitɔ si mesea nu gɔme o wɔ ŋukpenanu geɖe, si ƒe ɖee nye be emua aha vlevlevle

    • Da 5:​1-6, 22, 23, 30, 31—Fia Belsazar no aha mu ale gbegbe be wòdo nu ɖe Yehowa Mawu gbɔ; wowu fia la le zã ma ke me

Nu ka tae wòle be míalé ŋku ɖe aha agbɔsɔsɔ si míenona ŋu ne mamu mí o gɔ̃ hã?

Ne aha tsu nono nye kuxi na nɔvi aɖe va yi la, nu kae míawɔ be míagaɖia enu o?