Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzideƒoname

Dzideƒoname

Nu ka tae wòhiã be mawusubɔlawo nanɔ dzi dem ƒo na wo nɔewo?

Yes 35:​3, 4; Kol 3:16; 1Te 5:11; Heb 3:13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

Nu ka tae Yehowa di be hamemetsitsiwo nanɔ dzi dem ƒo na nɔviawo?

Yes 32:​1, 2; 1Pe 5:​1-3

Kpɔ Mt 11:​28-30

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 5Mo 3:28; 31:​7, 8—Yehowa bia tso nyagblɔɖila Mose si be wòade dzi ƒo na Yosua, ame si ava xɔ ɖe eteƒe, eye wòado ŋusẽe

    • Dw 11:​22-26; 14:22—Esime wonɔ Kristotɔwo yome tim le Antiokia la, apostolo Paulo kple Barnaba de dzi ƒo na wo

Nu ka tae wòle be míakafu amewo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta ne míele dzi dem ƒo na wo?

Lod 31:​28, 29; 1Ko 11:2

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ʋɔn 11:​37-40—Ƒe sia ƒe la, Israel nyɔnuwo yina vae srãa Yefta vinyɔnua kpɔ eye wodea dzi ƒo nɛ

    • Nyɖ 2:​1-4—Togbɔ be ehiã be Yesu naɖɔ Kristotɔ siwo nɔ Efeso ɖo hã, edo ŋgɔ kafu wo ɖe nu nyui siwo wɔm wonɔ ta

Aleke Yehowa subɔlawo ate ŋu ade dzi ƒo na wo nɔewo?

Lod 15:23; Ef 4:29; Flp 1:​13, 14; Kol 4:6; 1Te 5:14

Kpɔ 2Ko 7:​13, 15, 16

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 23:​16-18—Esi David ɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me la, exɔlɔ̃ Yonatan di eyome mɔ eye wòde dzi ƒo nɛ

    • Yh 16:33—Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo eye wòka ɖe edzi na wo be yeɖu xexea dzi eye ne wosrɔ̃ ye la, woawo hã woate ŋu aɖu xexea dzi

    • Dw 28:​14-16—Esi wokplɔ Paulo yina Roma be woadrɔ̃ ʋɔnui eye wòkpɔ nɔvi siwo zɔ mɔ va do goe be yewoade dzi ƒo nɛ la, dzi ɖo eƒo

Nu ka tae wòle be míade bubu amewo ŋu eye míaganɔ nyatoƒoe tom o?

Flp 2:​14-16; Yud 16-19

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

Ne míedea ha kple haxɔsetɔwo la, aleke esia ade dzi ƒo na mí?

Lod 27:17; Ro 1:​11, 12; Heb 10:​24, 25; 12:12

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 20:​1-19—Esi aʋakɔ gã aɖe do ŋɔdzi na Fia Yehosafat la, eƒo dukɔa nu ƒu be woado gbe ɖa

    • Dw 12:​1-5, 12-17 —Esi wowu apostolo Yakobo eye wode apostolo Petro gaxɔ me la, hame si le Yerusalem kpe ta eye wodo gbe ɖa

Ne míaƒe mɔkpɔkpɔa le susu me na mí la, aleke wòade dzi ƒo na mí le ɣeyiɣi sesẽwo me?

Dw 5:​40, 41; Ro 8:​35-39; 1Ko 4:​11-13; 2Ko 4:​16-18; 1Pe 1:​6, 7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 39:​19-23; 40:​1-8—Togbɔ be wotso Yosef nu alakpatɔe eye wodee gaxɔ me madzemadzee hã, eyi edzi wɔ nuteƒe eye wòkpe ɖe amewo ŋu

    • 2Fi 6:​15-17—Esi aʋakɔ gã aɖe ho ɖe nyagblɔɖila Elisa ŋu la, mevɔ̃ o; edo gbe ɖa be yeƒe subɔvia hã nagavɔ̃ o

Dzideƒonamenyawo le Yehowa ƒe Nya la me

Nya kawoe Yehowa gblɔ tsɔ ka ɖe edzi na mí be yeakpe ɖe mía ŋu?

Ne míebua ale si Yehowa gbɔa dzi ɖi eye wòkpɔa nublanui na mí ŋu la, aleke esia dea dzi ƒo na mí?

Nu kae Yehowa wɔna na ame siwo ƒo dzi ɖe le?

Ps 46:1; Yes 12:2; 40:​29-31; Flp 4:13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 1:​10, 11, 17, 18—Esi nu te ɖe Hana dzi eye wòdo gbe ɖa la, Yehowa ɖo toe eye wòna eƒe dzi dze eme

    • 1Fi 19:​1-19—Esi dzi ɖe le nyagblɔɖila Eliya ƒo la, Yehowa kpe ɖe eŋu ŋutɔŋutɔ. Ede dzi ƒo nɛ, fa akɔ nɛ eye wòka ɖe edzi nɛ be nuwo ava nyo

Aleke Biblia me nyagblɔɖi siwo ava eme le etsɔme dea dzi ƒo na mí?

2Kr 15:7; Ps 27:​13, 14; Heb 6:​17-19; 12:2

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hio 14:​1, 2, 7-9, 13-15—Esi Hiob nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la, eka ɖe edzi be ne yeku hã la, Yehowa afɔ ye ɖe tsitre eye esia fa akɔ nɛ

    • Da 12:13—Mawudɔla aɖe de dzi ƒo na nyagblɔɖila Daniel si xɔ ƒe alafa ɖeka, eye wòna wònya nu siwo ava dzɔ le etsɔme

Ne míedoa gbe ɖa eye míedea ŋugble le nu siwo Yehowa wɔna ŋu la, aleke esia dea dzi ƒo na mí?

Ps 18:6; 56:​4, 11; Heb 13:6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 30:​1-9—Esi Fia David ɖo xaxa me eye wòdo gbe ɖa na Yehowa la, ŋusẽ ɖo eŋu

    • Lk 22:​39-43—Esi Yesu ɖo eƒe dodokpɔ sesẽtɔ kekeake me la, edo gbe ɖa vevie eye Yehowa dɔ mawudɔla aɖe wòva do ŋusẽe

Nu ka tae nyatakaka nyuiwo sese dea dzi ƒo na mí, eye nu ka tae wònyo be míagblɔ wo na ame bubuwo hã?

Lod 15:30; 25:25; Yes 52:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 15:​2-4—Esi apostolo Paulo kple apostolo Barnaba tsɔ nyatakaka nyuiwo yi na hame siwo wova srã kpɔ la, dzi ɖo nɔviawo ƒo ale gbegbe

    • 3Yh 1-4—Esi apostolo tsitsi Yohanes se be ame siwo yefia nyateƒeae yi edzi le nuteƒe wɔm la, dzi ɖo eƒo ŋutɔ