Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidodo

Dzidodo

Ðe Yehowa subɔlawo hiã dzidodoa?

Aleke míewɔ nya be amewo matsɔ ɖeke le nya nyui si míeɖea gbeƒãe la me o, eye woatsi tre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã?

Mt 10:22; Yh 15:​18, 19; 2Ko 6:​4, 5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Pe 2:5; 1Mo 7:23; Mt 24:​37-39—Togbɔ be Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” hã, amewo meɖo toe o, esia wɔe be eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea koe tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me

    • 2Ti 3:​10-14—Apostolo Paulo gblɔ nu siwo me wòto na Timoteo tsɔ do ŋusẽe be eya hã nado dzi

Nu ka tae míakpɔ mɔ be míaƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã atsi tre ɖe mía ŋu?

Mt 10:​22, 36-38; Lk 21:​16-19

Ne wole mía yome tim la, nu ka tae mele be míavɔ̃ na ku o?

Mt 10:28; 2Ti 4:​6, 7

Kpɔ Nyɖ 2:10

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Da 3:​1-6, 13-18—Sadrak, Mesak kple Abednego ɖoe be yewomasubɔ legba o, togbɔ be wodo ŋɔdzi na wo be woawu wo hã

    • Dw 5:​27-29, 33, 40-42—Wodo ŋɔdzi na apostoloawo be woawu wo gake woyi edzi ɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe

Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne ehe to na mí gɔ̃ hã?

Lod 3:​11, 12; Heb 12:​5-7

Aleke ame aɖewo ƒe nuwɔna ate ŋu awɔe be wòasesẽ na mí be míado dzi?

Yr 1:​16-19; Hab 1:​2-4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ps 73:​2-24—Esesẽ na psalmowo ŋlɔla aɖe be wòado dzi ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa esi wòkpɔe be nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwo eye wole ŋutifafa me

    • Yh 6:​60-62, 66-68—Togbɔ be ame geɖe trɔ le Yesu yome hã, apostolo Petro ya yi edzi lé xɔse me ɖe asi sesĩe

Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míado dzi?

Ele be míanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli

Ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la, ade ŋugble le eŋu be míadze si Yehowa nyuie

Ele be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa tso dzi me edziedzi

Ro 12:12; Kol 4:2; 1Pe 4:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Da 6:​4-11—Nyagblɔɖila Daniel do gbe ɖa na Yehowa edziedzi togbɔ be woɖoe be woawui ɖe esia ta hã

    • Mt 26:​36-46; Heb 5:7—Le zã mamlɛtɔ si Yesu nɔ anyigba dzi me la, edo gbe ɖa vevie eye wòde dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔe nenema

Ele be míakpe ɖekae kple mía nɔviwo edziedzi asubɔ Mawu

Ele be míaƒe susu nanɔ nu nyui siwo ƒe ŋugbe Yehowa do na mí la dzi

Ele be míalɔ̃ Yehowa kple mía nɔviwo vevie eye míalɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ hã

Ele be míado ŋusẽ míaƒe xɔse

Ele be susu nyuitɔ nanɔ mía si ne míele fu kpem

Vi kawoe wòɖena ne míedo dzi wɔ nuteƒe?

Ekɔa Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu

Lod 27:11; Yh 15:​7, 8; 1Pe 1:​6, 7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hio 1:​6-12; 2:​3-5—Satana tsɔ nya ɖe Yehowa ŋu be esi wòyrana amegbetɔwo tae wosubɔnɛ ɖo. Esi Hiob do dzi wɔ nuteƒe ta la, esia ɖee fia be Satana nye alakpatɔ

    • Ro 5:19; 1Pe 1:​20, 21—Togbɔ be Adam mete ŋu wɔ nuteƒe na Mawu o hã, Yesu ya wɔ nuteƒe va se ɖe ku me, eye wòna wokpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase vevi aɖe si nye be: Ðe ame deblibo ate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake mea?

Edea dzi ƒo na ame bubuwo hã be woado dzi

Ewɔnɛ be nu nyuiwo dona tsoa míaƒe subɔsubɔdɔa me

Míaƒe nu dzea Yehowa ŋu eye wòɖoa eteƒe na mí