Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse

Xɔse

Aleke míewɔ nya be Yehowa di vevie be xɔse nanɔ mía si?

Yh 3:​16, 18; Ga 3:​8, 9, 11; Ef 6:16; Heb 11:6

Kpɔ 2Ko 5:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Heb 11:1–12:3—Apostolo Paulo ɖe nu si xɔse nye la me eye wòƒo nu tso xɔsetɔ gbogbo aɖewo ŋu; edze egɔme tso Abel dzi eye wòwu enu ɖe Yesu Kristo dzi

    • Yak 2:​18-24—Yakobo ɖe eme be abe ale si Abraham wɔe ene la, míetoa míaƒe dɔwɔwɔwo dzi ɖenɛ fiana be xɔse le mía si

Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe xɔse nali ke?

Ro 10:​9, 10, 17; 1Ko 16:13; Yak 2:17

Kpɔ Heb 3:​12-14

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 20:​1-6, 12, 13, 20-23—Esi futɔwo do ŋɔdzi na Mawu ƒe amewo la, Fia Yehosafat gblɔ na wo be hafi woaɖu dzi la, ele be woaxɔ Yehowa kple eƒe nyagblɔɖilawo dzi ase

    • 1Fi 18:​41-46—Nyagblɔɖila Eliya ɖe xɔse fia esi wògbɔ dzi ɖi kpɔ Yehowa sinu be wòahe kuɖiɖia va nuwuwui abe ale si wòdo ŋugbe ene