Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒome

Ƒome

Yehowae ɖo ƒomea anyi

Dzilawo

Kpɔ nyati si nye “Dzilawo

Vifofowo

Kpɔ nyati si nye “Vifofowo

Vidadawo

Kpɔ nyati si nye “Vidadawo

Srɔ̃ŋutsuwo, Srɔ̃nyɔnuwo

Kpɔ nyati si nye “Srɔ̃ɖeɖe

Viŋutsuwo, Vinyɔnuwo

Nu kae Yehowa di tso ɖeviwo si le ƒomea me?

Nu ka tae wòle be ɖeviwo naɖo to wo dzilawo?

Ef 6:​1-3; Kol 3:20

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ps 78:​1-8—Israel-viwo gblɔ nu siwo wo tɔgbuiwo wɔ ŋu nya na wo viwo ale be ɖeviawo naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye woagadze aglã o

    • Lk 2:​51, 52—Togbɔ be Yesu de blibo hã, eɖo to edzila madebliboawo ɣesiaɣi tso eƒe ɖevime ke

Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na ɖeviwo be woabu wo dzilawo?

Aleke Mawu bua vi dzeaglãwoe?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 5Mo 21:​18-21—Mose ƒe Sea gblɔ be ne ŋutsuvi aɖe sẽ to, dze aglã, mua aha eye woɖɔe ɖo ʋuu wògbe la, ele be woawui

    • 2Fi 2:​23, 24—Esi ɖevi aɖewo nɔ Mawu ƒe nyagblɔɖila Elisa kom la, sisiblisi eve va vuvu wo

Aleke wòle be dzilawo nabu mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woahe wo viwo?

Ps 127:3; 128:3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 3Mo 26:9—Israel-viwo bua vidzidzi be enye Yehowa ƒe yayra

    • Hio 42:​12, 13—Esi Hiob wɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me ta la, Yehowa yra eya kple srɔ̃a wogadzi vi ewo

Aleke Yehowa di be nɔviwo nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le ƒomea me?

Ps 34:14; Lod 15:23; 19:11

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 27:41; 33:​1-11—Yakob wɔ nu sia nu si wòate ŋui be ŋutifafa nanɔ eya kple foa Esau dome, eye Esau hã wɔ nu ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe

Nu kae wòle be vi tsitsiwo nawɔ na wo dzilawo kple wo tɔgbuiwo kple mamawo?

Lod 23:22; 1Ti 5:4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 11:​31, 32—Esi Abraham nɔ ʋuʋum le Ur la, ekplɔ tɔa Tera yii eye wòlé be nɛ va se ɖe esime wòku

    • Mt 15:​3-6—Yesu he susu yi Mose ƒe Sea dzi eye wòna eme kɔ be ele be vi tsitsiwo nakpɔ wo dzilawo dzi

Towo kple lɔ̃xowo

Kpɔ nyati si nye “Towo Kple Lɔ̃xowo

Tɔgbuiwo kple mamawo

Kpɔ nyati si nye “Tɔgbuiwo Kple Mamawo