Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ablɔɖe

Ablɔɖe

Le xexea me godoo la, ame ka ko sie ablɔɖe le be wòawɔ nu sia nu si wòdi?

Yes 40:​13, 15; Ro 9:​20, 21

Kpɔ Ro 11:​33-36

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Da 4:​29-35—Fia Nebukadnezar va de dzesii be Yehowae nye Ŋusẽtɔ Gãtɔ Kekeake eye ame aɖeke mate ŋu aɖo nu nɛ o

    • Yes 45:​6-12—Yehowa, nuwo katã Wɔla la, na wòdze ƒãa be yeƒe nuwɔwɔwo mate ŋu ahe nya ɖe ye ŋu o

Togbɔ be Yehowa kpɔ mɔ awɔ nu sia nu si wòdi hã la, nu kawoe mawɔ gbeɖe o?

Nu ka tae seɖoƒe li na amegbetɔwo ƒe ablɔɖe?

Nu ka tae wòle be ɣeaɖewoɣi la, Kristotɔ nabu ame bubuwo ŋu eye wòatiae be yemawɔ nanewo o?

Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ablɔɖe le Yehowa subɔlawo si?

Nu ka tae Yehowa subɔsubɔ nana míekpɔa dzidzɔ?

Ps 40:8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 18:3; Heb 11:​8-10—Nu siwo ƒe ŋugbe Yehowa do na esubɔla Abraham kpe ɖe eŋu wòyi edzi subɔe

    • Heb 11:​24-26—Mose subɔ Yehowa, eye Yehowa na dzidzɔ, ablɔɖe kple mɔkpɔkpɔ su esi

Kluvinyenye ka mee Yehowa ɖe mí tsoe?

Nu ka tae mele be Kristotɔ nazã eƒe ablɔɖe le mɔ gbegblẽ nu o?

Togbɔ be Kristotɔ kpɔ mɔ awɔ nanewo hã, nu kae lɔlɔ̃ ʋãnɛ wòwɔna ɣeaɖewoɣi?

Aleke nya nyui si míeɖea gbeƒãe la naa ablɔɖe amewo?

Ablɔɖe ka ƒe ŋugbee Biblia do na mí?

Ne amewo wɔa nu sia nu si dzro wo la, aleke esia nana wova zua kluvi?

Nu ka tae míate ŋu agblɔ be amegbetɔwo katã sɔ le Mawu ŋkume?