Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunana Amewo

Nunana Amewo

Lod 11:25; Dw 20:35; 2Ko 9:11

Kpɔ Lod 19:17; Mt 10:8; Lk 6:38

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Kr 22:​6-16—Togbɔ be womeɖe mɔ na Fia David be wòatu gbedoxɔa abe ale si wòkpɔ mɔe ene o hã, ena nu gbogbo aɖewo tsɔ kpe asi ɖe dɔa ŋu

    • 1Fi 17:​8-16—Togbɔ be nuɖuɖu sue aɖe koe nɔ ahosi si nɔ Zarefat si hã, elɔ̃ faa tsɔe nyo dɔme na nyagblɔɖila Eliya

Nu kae ɖee fia be Yehowae nye Nunala gãtɔ kekeake?

Nunana kawoe medzea Mawu ŋu o?

Mt 6:​1, 2; 2Ko 9:7; 1Pe 4:9

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 4:​3-7; 1Yh 3:​11, 12—Nu si tae Kain ƒe vɔsaa medze Mawu ŋu o

    • Dw 5:​1-11—Susu nyui menɔ Anania kple Safira si wotsɔ na nui o eye womegblɔ nyateƒea katã ku ɖe woƒe nunana la ŋu o, esia wɔe be wohe to na wo

Nunana kawoe dzea Mawu ŋu?

Mt 6:​3, 4; Ro 12:8; 2Ko 9:7; Heb 13:16

Kpɔ Dw 20:35

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 21:​1-4—Yesu kafu ahosi dahe aɖe ɖe eƒe nunana si tso dzi me la ta, togbɔ be nunanaa le sue hã

Ðoɖo kae wowɔ ɖe nudzɔdzɔ ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me hameawo me?

Dw 11:​29, 30; Ro 15:​25-27; 1Ko 16:​1-3; 2Ko 9:​5, 7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 4:​34, 35—Kristo hamea dzɔ nu faa, eye apostoloawo kpɔ egbɔ be wozãe tsɔ kpe ɖe ame dahewo ŋu

    • 2Ko 8:​1, 4, 6, 14—Kristotɔawo wɔ ɖoɖo aɖe koŋ be woanɔ kpekpem ɖe wo nɔvi siwo ɖo hiã me ŋu

Agba vevi kae le Kristotɔwo dzi le woƒe ƒomea kple hamea me siaa?

Nu kae Biblia fia mí be míawɔ na ame dahewo?

Nu kae ɖee fia be nufiafia amewo tso Mawu ŋue nye nunana nyuitɔ kekeake si míenana amewo?

Mt 5:​3, 6; Yh 6:​26, 27; 1Ko 9:23

Kpɔ Lod 2:​1-5; 3:13; Nyg 7:12; Mt 11:​4, 5; 24:14

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 10:​39-42—Yesu kpe ɖe Marta ŋu wòkpɔe be nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋue nye nu vevitɔ