Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuxaxa

Nuxaxa

Biblia me nudzɔdzɔ kawoe na míekpɔe be megblẽ be míaxa nu ne míaƒe ame vevi aɖe ku o?

Nu kae ɖee fia be Yehowa di be yeakpe ɖe ame siwo le nu xam ŋu?

Ne míenya nɔnɔme si me ame kukuwo le la, aleke esia afa akɔ na míi?

Nyg 9:​5, 10; 1Te 4:13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 20:​37, 38—Yesu gblɔ be kakaɖedzi le tsitretsitsia ŋu ale gbegbe be le Yehowa gbɔ la, ɖeko wòle abe kukuawo le agbe ene

    • Yh 11:​5, 6, 11-14—Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ esi exɔlɔ̃ Lazaro ku

    • Heb 2:​14, 15—Apostolo Paulo ɖe eme be vɔvɔ̃ na ku wɔe be ame geɖewo va zu kluviwo na ku

Nu kae ana ame ƒe nu nanyo Yehowa ŋu le eƒe kugbe wu eƒe dzigbe?

Nu kae Biblia gblɔ tso ku ŋu, eye nu kae Mawu ava wɔ tso eŋu?

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre godoo?

Yes 26:19; Yh 5:​28, 29; Dw 24:15

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Biblia ƒo nu tso ame vovovo asieke siwo wofɔ ɖe tsitre ŋu. Wofɔ wo dometɔ enyi wogava nɔ agbe le anyigba dzi. Ne ame aɖe ku na wò la, tsitretsitsi ŋutinya siawo dometɔ ɖe sia ɖe afa akɔ na wò eye wòana nàka ɖe edzi be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre godoo

      • 1Fi 17:​17-24—Nyagblɔɖila Eliya fɔ ahosi aɖe si le Zarefat le Sidon ƒe viŋutsu ɖe tsitre

      • 2Fi 4:​32-37—Nyagblɔɖila Elisa fɔ ŋutsuvi aɖe ɖe tsitre le Sunem eye wòtsɔe na edzilawo

      • 2Fi 13:​20, 21—Esi wotsɔ ŋutsu aɖe si ku ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me eye wòka eƒe ƒuwo ŋu ko la, ŋutsua gbɔ agbe

      • Lk 7:​11-15—Yesu do go ameha aɖe le Nain dua me woyina ahosi aɖe ƒe vi ɖi ge, eye wòfɔ ɖevia ɖe tsitre

      • Lk 8:​41, 42, 49-56—Yesu fɔ Yairo si nye ƒuƒoƒea dzi kpɔlawo dometɔ ɖeka ƒe vinyɔnu ɖe tsitre

      • Yh 11:​38-44—Yesu fɔ exɔlɔ̃ Lazaro ɖe tsitre na nɔvianyɔnu Marta kple Maria

      • Dw 9:​36-42—Apostolo Petro fɔ Dorkas lɔlɔ̃a, si nyoa dɔme na Kristotɔwo la ɖe tsitre

      • Dw 20:​7-12—Apostolo Paulo fɔ ɖekakpui Eutiko si ge tso fesre to eye wòku la ɖe tsitre

    • Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔ si maku akpɔ o, eye esia na míeka ɖe ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe tsitretsitsia ŋu dzi

    • Yesue nye ame gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre wòyi dziƒo eye magaku akpɔ o, emegbe woafɔ amesiamina 144,000-awo ɖe tsitre eye woawo hã maku akpɔ o

Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo ƒe amewo ku eye wole nu xam ŋu?