Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi

Dzi

Aleke míewɔ nya be ne Biblia zã nya “dzi” la, nu si wòfiae nye ame si míenye le ememe, nu siwo ŋu míebuna, nu siwo míeɖo be míawɔ, míaƒe nɔnɔmewo kple míaƒe seselelãmewo?

Ps 49:3; Lod 16:9; Lk 5:22; Dw 2:26

Kpɔ 5Mo 15:7; Ps 19:8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 9:​46-48—Yesu ɖɔ eƒe apostolowo ɖo elabe ede dzesii be le woƒe dzi me la, wole nɔƒe gã dim

Nu ka tae wòle vevie be míadzɔ míaƒe dzi ŋu?

1Kr 28:9; Lod 4:23; Yr 17:9

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 6:​5-7—Amegbetɔwo ƒe dzi vɔ̃ɖi wɔe be nu vlo wɔwɔ va xɔ anyigba la dzi, esia wɔe be Mawu tsɔ tsi tsrɔ̃ wo

    • 1Fi 11:​1-10—Fia Salomo mete ŋu dzɔ eƒe dzi ŋu o, eye wòɖe dutanyɔnu siwo trɔ eƒe dzi ɖa le Yehowa ŋu

    • Mr 7:​18-23—Yesu ɖe eme be le Mawu gbɔ la, dzi mee nu siwo ƒoa ɖi ame tsona

Aleke míawɔ adzɔ míaƒe dzi ŋu?

Ps 19:14; Lod 3:​3-6; Lk 21:34; Flp 4:8

Kpɔ Ezr 7:​8-10; Ps 119:11

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ef 6:​14-18; 1Te 5:8—Esi apostolo Paulo nɔ míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnuwo ɖɔm la, egblɔ be dzɔdzɔenyenye, xɔse kple lɔlɔ̃ ate ŋu akpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzi la ta abe ale si ko akɔtakpoxɔnu kpɔa ame ƒe dzi ŋutɔŋutɔ ta ene

Aleke míawɔ anya ne nane gblẽ le míaƒe kpɔɖeŋudzi la ŋu?

Lod 21:​2-4; Heb 3:12

Kpɔ Lod 6:​12-14

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 25:​1, 2, 17-27—Fia Amaziya wɔ nu si nyo le Mawu ŋkume na ɣeyiɣi aɖe gake melɔ̃ Yehowa tso dzi me o. Emegbe eva nɔ dadam, meyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu o, eye esia na wòkpe fu

    • Mt 7:​17-20—Yesu ɖe eme be, abe ale si ko ati manyomanyo tsea ku manyomanyo ene la, ne míaƒe dzi menyo o la, míawɔ nu gbegblẽwo

Nu ka tae wòle be míana dzi nyui nasu mía si, eye aleke míawɔ esiae?

Lod 10:8; 15:28; Lk 6:45

Kpɔ Ps 119:​97, 104; Ro 12:​9-16; 1Ti 1:5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Fi 20:​1-6—Fia Hizkiya wɔ nuteƒe na Yehowa eye wòsubɔe kple dzi blibo, eya ta esi wòdze dɔ eye wòsusɔ vie wòaku la, ete ŋu ɖe kuku na Yehowa be wòaxɔ na ye

    • Mt 21:​28-32—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖee fia be nu si ame wɔna koŋue ɖea dzi si tɔgbi le esi fiana, ke menye nya siwo wògblɔna kokokoe o

Nu ka tae wòfaa akɔ na mí be Yehowa dzroa dziwo me kpɔna?

1Kr 28:9; Yr 17:10

Kpɔ 1Sa 2:3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 16:​1-13—Nyagblɔɖila Samuel va de dzesii be menye ame ƒe dzedzemee le vevie na Yehowa o, ke boŋ dzi mee wòkpɔna

    • 2Kr 6:​28-31—Nya siwo Fia Salomo gblɔ esime wònɔ gbe dom ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu kɔɣi na míekpɔe be Yehowa nya nu si tututu le míaƒe dzi me eye wòwɔa nu ɖe mía ŋu ale si sɔ