Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Bubuŋkɔwo

Bubuŋkɔwo

Ðe wòle be Kristotɔwo natsɔ subɔsubɔhawo ƒe bubuŋkɔwoa?

Yh 5:41

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 18:​18, 19—Togbɔ be Yesu nye ame nyui hã la, egbe be woagayɔ ye be “Nufiala Nyui” o, eye wògblɔ be Yehowa koe nye ame nyui

Nu ka tae Kristotɔwo meyɔa subɔsubɔhawo ƒe bubuŋkɔwo abe “Fofo” (Papa) alo “Kplɔla” ene na amewo o?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 23:​9-12—Yesu gblɔ be míagayɔ bubuŋkɔwo abe “Fofo” (Papa) alo “Kplɔla” ene na ame aɖeke o

    • 1Ko 4:​14-17—Togbɔ be apostolo Paulo nye fofo na ame geɖe hã la, míekpɔe le Biblia ƒe akpa aɖeke be woyɔe be Fofo Paulo alo esiawo tɔgbi o

Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nayɔ wo nɔewo be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, eye woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie?

Mt 23:8

Kpɔ Dw 12:17; 18:18; Ro 16:1

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 12:​46-50—Yesu na eme kɔ be haxɔsetɔwoe nye ye nɔviŋutsuwo kple ye nɔvinyɔnuwo

Nu ka tae megblẽ be míazã bubuŋkɔwo na dziɖuɖumegãwo, ʋɔ̃nudrɔlawo kple bubume bubuwo o?

Ro 13:​1, 7; 1Pe 2:17

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 26:​1, 2, 25—Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom na fia Agripa kple Festo la, eyɔ woƒe bubuŋkɔwo na wo