Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuibɔbɔ

Ðokuibɔbɔ

Aleke Yehowa bua dadalawoe, eye aleke wòbua ɖokuibɔbɔlawoe?

Ps 138:6; Lod 15:25; 16:​18, 19; 22:4; 1Pe 5:5

Kpɔ Lod 29:23; Yes 2:​11, 12

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 26:​3-5, 16-21—Fia Uziya va zu dadala; esi wòda Mawu ƒe se dzi eye woɖo aɖaŋu nɛ la, edo dziku, eya ta Mawu na anyi ƒo ɖe eŋu

    • Lk 18:​9-14—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si na míekpɔ ale si Yehowa bua dadalawo kple ɖokuibɔbɔlawo ƒe gbedodoɖawoe

Aleke Yehowa wɔa nu ɖe ame si wɔ nu vɔ̃ gake wòbɔbɔ eɖokui trɔ dzi me ŋu?

2Kr 7:​13, 14; Ps 51:​2-4, 17

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 12:​5-7—Fia Rehabeam kple Yuda-megãwo bɔbɔ wo ɖokui, eye esia wɔe be Yehowa metsrɔ̃ wo o

    • 2Kr 32:​24-26—Fia nyui Hizkiya va do eɖokui ɖe dzi, gake Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee esi wòbɔbɔ eɖokui

Aleke ɖokuibɔbɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be mía kple amewo dome nanɔ nyuie?

Ef 4:​1, 2; Flp 2:3; Kol 3:​12, 13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 33:​3, 4—Ðokuibɔbɔ gã si Yakob ɖe fia esi wòva do go foa Esau, si do dziku ɖe eŋu vevie la, wɔe be dzikua nu fa eye wowɔ ŋutifafa

    • Ʋɔn 8:​1-3—Ʋɔnudrɔ̃la Gideon bɔbɔ eɖokui eye wògblɔ na Efrayim-ŋutsuwo be wowɔ dɔ geɖe wu ye, esia wɔe be dziku si wodo ɖe eŋu la nu fa

Aleke Yesu Kristo ɖee fia be ɖokuibɔbɔ le vevie?

Mt 18:​1-5; 23:​11, 12; Mr 10:​41-45

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yes 53:7; Flp 2:​7, 8—Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, Yesu lɔ̃ faa bɔbɔ eɖokui va anyigba dzi eye wòkpe fu, ese veve eye wòku gbɔɖiameku

    • Lk 14:​7-11—Yesu gblɔ ŋutinya aɖe ku ɖe ame siwo dia nɔƒe gã le kplɔ̃ɖoƒewo ŋu tsɔ ɖee fia be ɖokuibɔbɔ ɖea vi

    • Yh 13:​3-17—Yesu klɔ afɔ na eƒe apostolowo, si nye dɔ tsɛ aɖe si subɔviwo wɔna, tsɔ fia eƒe apostolowo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo

Ne míebua mía ɖokui kple ame bubuwo abe ale si Yehowa bua míi ene la, aleke esia akpe ɖe mía ŋu míabɔbɔ mía ɖokui?

Nu ka tae alakpaɖokuibɔbɔ meɖea vi aɖeke o?