Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fɔmaɖimaɖi

Fɔmaɖimaɖi

Nu kae fɔmaɖimaɖi fia?

Ps 18:​23-25; 26:​1, 2; 101:​2-7; 119:​1-3, 80

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 3Mo 22:​17-22—Yehowa bia tso Israel-viwo si be ne woatsɔ lã asa vɔe la, woazã esi “sɔ blibo,” si naneke mewɔ afi aɖeke na o; Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “sɔ blibo” agate ŋu afia “nuteƒewɔwɔ.” Esia na míekpɔe be fɔmaɖimaɖi alo nuteƒewɔwɔ fia be ame natsɔ eɖokui ana Yehowa asubɔe kple dzi blibo

    • Hio 1:​1, 4, 5, 8; 2:3—Ale si Hiob nɔ agbee la na míekpɔe be hafi ame nayi edzi azɔ le fɔmaɖimaɖi me la, ele be wòade bubu deto Yehowa ŋu, asubɔe kple dzi blibo eye wòawɔ nu si sɔ le Yehowa ŋkume

Nu ka tae wòle vevie be míanye fɔmaɖilawo?

Nu kae aʋã mí míawɔ nuteƒe?

Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi azɔ le fɔmaɖimaɖi me?

Yos 24:​14, 15; Ps 101:​2-4

Kpɔ 5Mo 5:29; Yes 48:​17, 18

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hio 31:​1-11, 16-33—Hiob ɖoe be yemanɔ ŋku lém ɖe ɖetugbui ŋu madzemadzee o, ewɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie eye wòde bubu wo ŋu tsɔ ɖee fia be yewɔa nuteƒe na Yehowa gbe sia gbe. Esubɔ Yehowa ɖeka ko, mesubɔ trɔ̃ o eye meti kesinɔnuwo hã yome o

    • Da 1:​6-21—Togbɔ be Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo nɔ ame siwo mesubɔa Yehowa o dome hã la, woyi edzi wɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi le nu siwo woaɖu gɔ̃ hã me

Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ geɖe va yi la, ɖe wòagate ŋu ava wɔ nuteƒea?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 9:​2-5; Ps 78:​70-72—Esi Fia David trɔ dzi me la, Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee eye wòbui be enye nuteƒewɔla

    • Yes 1:​11-18—Togbɔ be Yehowa gbe nu le Israel-viwo gbɔ le esi wowɔ nu vɔ̃ geɖe ta hã, edo ŋugbe na wo be ne wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotrɔ dzi me la, yeatutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ