Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nublanuikpɔkpɔ

Nublanuikpɔkpɔ

Nu kae wòfia be woakpɔ nublanui na ame?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ps 51:​1, 2—Esi Fia David ɖe kuku na Yehowa be wòakpɔ nublanui na ye la, enɔ ebiam be wòatsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye eye wòatutu wo ɖa

    • Lk 10:​29-37—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tso ale si Samariatɔ aɖe nyo dɔme na Yudatɔ aɖe tsɔ fia nu eyomedzelawo tso nublanuikpɔkpɔ ŋu

Nu ka tae amegbetɔwo katã hiã na nublanuikpɔkpɔ?

Aleke míewɔ nya be Yehowa nye nublanuikpɔla?

2Mo 34:6; Neh 9:17; Ps 103:8; 2Ko 1:3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hio 42:​1, 2, 6-10; Yak 5:11—Yehowa kpɔ nublanui na Hiob eye wòfiae be eya hã nakpɔ nublanui

    • Lk 15:​11-32—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe ale si vifofo aɖe wɔ nu ɖe via si dze aglã ŋu tsɔ ɖɔ ale si Yehowa kpɔa nublanui

Nu ka tae Yehowa kpɔa nublanui na mí?

Aleke Kristo ƒe vɔsa wɔnɛ be wotsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí?

Nu ka tae wòle be míanɔ Mawu biam be wòakpɔ nublanui na mí eye míanɔ akpe dam nɛ ɖe esia ta?

Lk 11:​2-4; Heb 4:16

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ps 51:​1-4—Esi Fia David ƒe dzi gbã gudugudu le eƒe nu vɔ̃wo ta la, ebɔbɔ eɖokui eye wòbia Yehowa be wòakpɔ nublanui na ye

    • Lk 18:​9-14—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ te gbe ɖe edzi be Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo lɔ̃ ɖe woƒe vodadawo dzi

Nu ka tae ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpɔ nublanui na yewo?

5Mo 4:​29-31; Yes 55:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 33:​9-13, 15—Manase nye fia vɔ̃ɖi si wɔ nu baɖawo eteƒe mekɔ o, gake eva trɔ dzi me eye wòɖe kuku be woakpɔ nublanui na ye; esia wɔe be fianyenyea gasu esi eye wòɖee fia to eƒe nuwɔnawo me be yetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ

    • Yon 3:​4-10—Togbɔ be Niniwetɔwo ƒo wo ɖokui ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ kple ʋukɔkɔɖi me vĩ hã, wotrɔ dzi me eye Mawu kpɔ nublanui na wo

Nu ka tae wòle vevie be míaʋu míaƒe nu vɔ̃ me na Yehowa eye míatrɔ dzi me be wòakpɔ nublanui na mí?

Ne Yehowa kpɔ nublanui na mí hã, ate ŋu adzɔ be woahe to na mí alo míakpɔ míaƒe nu vɔ̃ metsonu

Nu ka tae wòle be míakpɔ nublanui na amewo?

Ne míegbe be mímakpɔ nublanui na amewo o la, aleke wòagblẽ kadodo si le mía kple Yehowa dome?

Mt 9:13; 23:23; Yak 2:13

Kpɔ Lod 21:13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 18:​23-35—Yesu do lo aɖe tsɔ ɖee fia be ame si gbe be yemakpɔ nublanui na ye nɔvi o la, Yehowa hã makpɔ nublanui nɛ o

    • Lk 10:​29-37—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖee fia be ame siwo mekpɔa nublanui o la ƒe nu medzea ye kple ye Fofo ŋu o, gake ame siwo kpɔa nublanui na amewo abe Samariatɔ havilɔ̃la ene la ƒe nu dzea yewo ŋu

Aleke Yehowa wɔa nu ɖe ame siwo kpɔa nublanui la ŋu?