Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Tsitsiwo

Ame Tsitsiwo

Ne ame le tsitsima, nu kae dzɔna ɖe edzi?

Ps 71:9; 90:10

Kpɔ nyati si nye “Akɔfafa—Lãmegbegblẽ alo tsitsi wɔnɛ be ame aɖewo mate ŋu awɔ nu siwo wodi o” hã

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Nyg 12:​1-8—Le hakpanya aɖe mea, Fia Salomo ɖɔ nɔnɔme sesẽ siwo me ame tona ne ele tsitsim; esia ƒe ɖewoe nye ale si amea ƒe ŋku megakpɔa nu tututu o (“nyɔnu fesrenukpɔlawo ƒe mo doa viviti”) eye megasea nu hã nyuie o (“nyɔnu hadzilawo ƒe gbe yia to”)

Ðe ame tsitsiwo agate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole tsitsimekuxiwo me toma?

2Ko 4:​16-18; Yak 1:​2-4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 12:​2, 23—Nyagblɔɖila Samuel si tsi la kpɔe be ele vevie be yeayi edzi ado gbe ɖa ɖe Mawu ƒe amewo ta

    • 2Sa 19:​31-39—Fia David kpɔ dzidzɔ ɖe ale si ame tsitsi Barzilai kpe ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe ta, eye esi David bia tso esi be wòakplɔ ye ayi Yerusalem la, egbe eye wòlɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yetsi eya ta yemagate ŋu awɔ geɖe o

    • Ps 71:​9, 18—Fia David tsi dzi be yemagate ŋu awɔ geɖe na Yehowa le yeƒe tsitsi me o, eya ta eɖe kuku na Yehowa be wòagatsɔ ye aƒu gbe le yeƒe amegãkuɣi o, ke boŋ wòado ŋusẽ ye ale be yeaɖe gbeƒã eƒe ŋusẽ na dzidzime si gbɔna

    • Lk 2:​36-38—Woyra nyɔnunyagblɔɖila Ana si nye ahosi tsitsi ɖe ale si wòsubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ta

Aleke Yehowa ɖee fia be ame tsitsiwo le vevie na ye?

Ps 92:​12-14; Lod 16:31; 20:29; Yes 46:4; Tit 2:​2-5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 12:​1-4—Esi Abraham xɔ ƒe 75 la, Yehowa de dɔ vevi aɖe asi nɛ si bia be wòavae nɔ dzronyigba dzi le eƒe agbe me katã

    • Da 10:​11, 19; 12:13—Esi nyagblɔɖila Daniel xɔ ƒe 90 la, mawudɔla aɖe va egbɔ va ka ɖe edzi nɛ be enye ame vevi aɖe na Yehowa eye woayrae ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta

    • Lk 1:​5-13—Yehowa yra Zakariya kple Elizabet siwo tsi, ena wodzi vi nukutɔe eye wona ŋkɔe be Yohanes

    • Lk 2:​25-35—Yehowa na mɔnukpɔkpɔ ame tsitsi Simeon wòkpɔ ɖevi si ava zu Mesia la; gbɔgbɔ ʋã Simeon wògblɔ nya ɖi ku ɖe ɖevia ŋu

    • Dw 7:​23, 30-36—Esi Nyagblɔɖila Mose xɔ ƒe 80 la, Yehowa de dɔ asi nɛ be wòakplɔ yeƒe dukɔ Israel

Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame tsitsi wɔnuteƒewo ŋu?

3Mo 19:32; 1Ti 5:1

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 45:​9-11; 47:12—Yosef na wokplɔ fofoa tsitsi Yakob vɛ nɛ eye wòkpɔ edzi va se ɖe eƒe kugbe

    • Ru 1:​14-17; 2:​2, 17, 18, 23—Rut to eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi kpe ɖe nyɔnu tsitsi Naomi ŋu

    • Yh 19:​26, 27—Hafi Yesu naku le fuwɔametia ŋu la, egblɔ na eƒe apostolo lɔlɔ̃a Yohanes be wòalé be na ye nɔ tsitsi Maria

Nu ŋutɔŋutɔ kawoe míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe Kristotɔ tsitsiwo ŋu le hamea me?