Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hamemetsitsiwo; Subɔsubɔdɔwɔlawo

Hamemetsitsiwo; Subɔsubɔdɔwɔlawo

Nudidi kawo gbɔe wòle be ame naɖo, va se ɖe afi aɖe ya teti, hafi adze anye hamemetsitsi?

Nu kawo mee wòle be hamemetsitsiwo naɖo kpɔɖeŋu nyui le?

Nudidi kawo gbɔe wòle be ame naɖo, va se ɖe afi aɖe ya teti, hafi adze anye subɔsubɔdɔwɔla?

Nu ka tae míate ŋu agblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea ye ɖoa hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo?

Dw 20:28

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 13:​2-5; 14:23—Paulo kple Barnaba siwo nye dzikpɔla mɔzɔlawo ɖo ŋutsu siwo dze le hame vovovowo me be woanye hamemetsitsiwo; nenema kee egbea hã hafi nutome sue dzikpɔlawo naɖo hamemetsitsiwoa, wodoa gbe ɖa biana be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe yewo ŋu eye wodzroa Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo gbɔ wòle be hamemetsitsi naɖoa me

    • Tit 1:​1, 5—Wode dɔ asi na Tito be wòazɔ mɔ ayi hame vovovowo me eye wòaɖo hamemetsitsiwo

Ame ka tɔe Kristo hamea nye, eye nu kae wotsɔ ƒlee?

Nu ka tae woɖɔ hamemetsitsiwo be wonye ame siwo subɔa ame bubuwo?

Nu ka tae wòle be hamemetsitsiwo nayi edzi abɔbɔ wo ɖokui?

Flp 1:1; 2:​5-8; 1Te 2:​6-8; 1Pe 5:​1-3, 5, 6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 20:​17, 31-38—Apostolo Paulo ɖo ŋku dɔ nyui siwo wòwɔ le Efeso dzi na hamemetsitsi siwo nɔ afi ma, eye woawo hã woɖee fiae be yewokpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si wòɖe fia yewo la ŋu

Aleke hamemetsitsiwo wɔa nu ɖe mɔfiame siwo woxɔna tso “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” gbɔ la ŋui?

Mɔ vevi ka dzie hamemetsitsiwo tona fiaa nu amewo?

1Ti 4:12; 1Pe 5:​2, 3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Neh 5:​14-16—Esi Nutodziɖula Nehemiya dea bubu deto Mawu ŋu ta la, mezã eƒe ŋusẽ tsɔ do agba na dukɔ la o, eye mexɔ nu si wòdze na gɔ̃ hã le wo si o

    • Yh 13:​12-15—Yesu fia eyomedzelawo be woabɔbɔ wo ɖokui eye eya ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu le esia me na wo

Aleke Kristotɔ alẽkplɔlawo ate ŋu aɖee afia be yewotsɔ ɖe le eme na hamea me tɔ ɖe sia ɖe?

Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe hamea me tɔ siwo dze dɔ le gbɔgbɔ me ŋu?

Agba kae le hamemetsitsiwo dzi ne wole nu fiam?

Nu ka tae wòle be hamemetsitsiwo nakpɔ egbɔ be hamea le dzadzɛ?

Ame kawoe hamemetsitsiwo naa hehee?

2Ti 2:​1, 2

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 10:​5-20—Yesu na hehe eƒe apostolo 12-awo hafi dɔ wo be woavae ɖe gbeƒã

    • Lk 10:​1-11—Yesu fia mɔ eƒe nusrɔ̃la 70-awo nyuie hafi dɔ wo be woavae ɖe gbeƒã

Nu kae akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woawɔ dɔ gbogbo siwo le wo dzi?

1Pe 5:​1, 7

Kpɔ Lod 3:​5, 6

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 3:​9-12—Fia Salomo bia nunya kple nugɔmesese ale be yeate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu na Yehowa ƒe amewo

    • 2Kr 19:​4-7—Yehosafat ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe Yuda duwo me eye wòɖo ŋku edzi na wo be Yehowa anɔ kpli wo le dɔ vevi sia wɔwɔ me

Aleke wòle be hamea me tɔwo nawɔ nu ɖe hamemetsitsi wɔnuteƒewo ŋu?

1Te 5:​12, 13; 1Ti 5:17; Heb 13:​7, 17

Kpɔ Ef 4:​8, 11, 12

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 20:37—Efeso hamemetsitsiwo ɖee fia apostolo Paulo be yewolɔ̃e vevie

    • Dw 28:​14-16—Esi apostolo Paulo yina Roma la, nɔvi siwo tso Roma zɔ mɔ kilometa 65 va kpee le Apio-si me, eye wode dzi ƒo nɛ