Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo

Dzilawo

Susu siwo tae Yehowa wɔ srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa dometɔ aɖewo ɖe?

Aleke wòle be dzilawo nabu wo viwoe?

Ps 127:​3-5; 128:3

Kpɔ nyati si nye “Ðeviwo Kple Sɔhɛwo” hã

Agba kae le dzilawo dzi ne wole ɖeviwo hem?

5Mo 6:​6, 7; 11:​18, 19; Lod 22:6; 2Ko 12:14; 1Ti 5:8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 1:​1-4—Elkana kplɔa eƒe ƒomea yia ŋkekenyuiwo ɖu ƒe le Silo eye wòkpɔa egbɔ be ɖeviawo dometɔ ɖe sia ɖe yi kpli yewo

    • Lk 2:​39, 41—Yosef kple Maria kplɔa wo viwo tso Nazaret yia Yerusalem vae ɖua Ŋutitotoŋkekenyuia

Ne dzilawo he wo viwo be woaɖo to Yehowa la, vi kae wòɖena?

Lod 1:​8, 9; 22:6

Kpɔ 2Ti 3:​14, 15

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 2:​18-21, 26; 3:19—Samuel dzilawo tsɔe na be wòasubɔ le avɔgbadɔa me, gake wova kpɔnɛ ɖa edziedzi eye wokpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ; Samuel tsi va zu mawusubɔla wɔnuteƒe aɖe

    • Lk 2:​51, 52—Yesu yi edzi ɖo to edzilawo togbɔ be womede blibo o hã

Afi kae dzilawo akpɔ mɔfiame le atsɔ ahe wo viwo?

5Mo 6:​4-9; Ef 6:4; 2Ti 3:​14-17

Kpɔ Ps 127:1; Lod 16:3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ʋɔn 13:​2-8—Esi mawudɔla aɖe gblɔ na Manoa be srɔ̃a adzi ŋutsuvi nukutɔea, Manoa bia Yehowa be wòafia ale si yewoahe ɖevi la yewo

    • Ps 78:​3-8—Yehowa di be dzilawo nafia nu siwo wosrɔ̃ tso Ŋɔŋlɔawo me la wo viwo

Ne dzilawo he ɖevi aɖe be wòalɔ̃ Yehowa hã, nu ka tae wòate ŋu adzɔ be ɖevia natiae be yemasubɔ Yehowa o?

Eze 18:​1-13, 20

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 6:​1-5; Yud 6—Togbɔ be mawudɔlawo nɔ Yehowa gbɔ ƒe akpe teƒe akpe geɖe hã, wo dometɔ gbogbo aɖewo dze aglã ɖe eŋu

    • 1Sa 8:​1-3—Togbɔ be nyagblɔɖila Samuel nye nuteƒewɔla kple ame dzɔdzɔe hã, viawo ya mewɔ nuteƒe o eye woxɔa zãnu le amewo si

Ɣekaɣie wòle be dzilawo nate nufiafia wo viwo tso Mawu ŋu?

2Ti 3:15

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 5Mo 29:​10-12, 29; 31:12; Ezr 10:1—Ne Yehowa ƒe amewo va ƒo ƒu be woasrɔ̃ nu tso eŋu la, ɖeviwo hã nɔa wo dome

    • Lk 2:​41-52—Yosef kple Maria kplɔa Yesu kple wo vi bubuawo yia gbedoxɔa me le Yerusalem vae ɖua Ŋutitotoŋkekenyuia

Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu be woakpɔ wo viwo ta tso ame vɔ̃ɖiwo si me?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Mo 19:4; 5Mo 32:​11, 12—Yehowa tsɔ eɖokui sɔ kple ale si hɔ̃ kɔa viawo, kpɔa wo ta eye wòléa be na wo

    • Yes 49:15—Yehowa do ŋugbe be yealé be na ye subɔlawo akpɔ wo ta wu ale si vidada ƒe dɔme trɔna ɖe via ŋu gɔ̃ hã

    • Mt 2:​1-16—Satana dze agbagba be yeawu Yesu ɖevi la esi wòfia mɔ ɣletivimefakalawo yi ɖe fia vɔ̃ɖi Herodes gbɔ, gake Yehowa kpɔ Via ta esi wòna Yosef kplɔ ƒomea yi Egipte

    • Mt 23:37—Yesu tsɔ ale si wòdi vevie be yeakpe ɖe Yerusalemtɔwo ŋu la sɔ kple ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te

Nu ka tae wòle be dzilawo nafia nu wo viwo tso gbɔdɔnyawo ŋu?

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 3Mo 15:​2, 3, 16, 18, 19; 5Mo 31:​10-13—Le Mose ƒe Sea me la, womede ba mo na gbɔdɔnyawo o, woƒo nu tso wo ŋu tẽe eye Yehowa bia tso wo si be woana ɖeviwo hã nanɔ wo dome ne wole Sea xlẽm sesĩe na dukɔa

    • Ps 139:​13-16—Hakpala David kafu Yehowa ɖe ale si wòwɔ amegbetɔ ƒe ametia nukutɔe kple ale si wòna ŋutetee be wòate ŋu adzi vi ta

    • Lod 2:​10-15—Yehowa ate ŋu ana sidzedze kple nunya mí be wòakpɔ mía ta tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo si me

Nu ka tae wòle be dzilawo naɖɔ wo viwo ɖo le lɔlɔ̃ me?

Lod 13:24; 29:17; Yr 30:11; Ef 6:4

Kpɔ Ps 25:8; 145:9; Kol 3:21

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ps 32:​1-5—Yehowa he to na Fia David ɖe nu vɔ̃ si wòwɔ ta, gake David ƒe dzi dze eme esi wòva de dzesii be Yehowa tsɔa ame siwo trɔ dzi me vavã la ƒe nu vɔ̃ kea wo

    • Yon 4:​1-11—Nyagblɔɖila Yona do dziku ɖe Yehowa ŋu eye wòƒo nu nɛ adãtɔe gake Yehowa ya ƒo nu nɛ le lɔlɔ̃ me eye wògbɔ dzi ɖi fia nui tso nublanuikpɔkpɔ ŋu

Nu ka tae míate ŋu agblɔ be esi dzilawo lɔ̃ wo viwo tae wohea to na wo ɖo?