Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbedodoɖa

Gbedodoɖa

Aleke míewɔ nya be Yehowa ɖoa to gbedodoɖawo eye wòɖoa wo ŋu?

Ps 65:2; 145:18; 1Yh 5:14

Kpɔ Ps 66:19; Dw 10:31; Heb 5:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 18:​36-38—Esi Eliya kple Baal ƒe nyagblɔɖilawo do go le Karmel Toa dzi la, Yehowa ɖo gbe si Eliya do ɖa nɛ la ŋu enumake

    • Mt 7:​7-11—Yesu de dzi ƒo na mí be míanɔ gbedodoɖa dzi eye wòka ɖe edzi na mí be mía Fofo lɔlɔ̃a ɖoa to mí

Ame ka koe wòle be Kristotɔwo nado gbe ɖa na?

Ame ka ƒe ŋkɔ mee míedoa gbe ɖa le?

Ame kawo ƒe gbedodoɖae Yehowa sena?

Ame kawo ƒe gbedodoɖae Yehowa mesena o?

Lod 15:29; 28:9; Yes 1:15; Mik 3:4; Yak 4:3; 1Pe 3:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yos 24:​9, 10—Yehowa mese Bileam ƒe gbedodoɖa o elabe nu si ŋu wòdo gbe ɖa le mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu o

    • Yes 1:​15-17—Yehowa gbe be yemase yeƒe amewo ƒe gbedodoɖawo o elabe wowɔa ameŋkume nu eye ʋu yɔ asi me na wo

Nya kae míegblɔna le míaƒe gbedodoɖawo ƒe nuwuwu zi geɖe eye nu ka tae?

Ðe Biblia gblɔ be ele be míanɔ nɔnɔme aɖe koŋ me hafi ado gbe ɖa?

Nu siwo ŋu Yehowa subɔlawo ate ŋu ado gbe ɖa le ne wokpe ta be yewoasubɔ la dometɔ aɖewo ɖe?

Dw 4:​23, 24; 12:5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Kr 29:​10-19—Fia David xɔ ŋgɔ na Israel ƒe ha bliboa wodo gbe ɖa esi dukɔa dzɔ nu faa na gbedoxɔa tutu

    • Dw 1:​12-14—Apostoloawo, Yesu nɔviŋutsuwo, Maria, si nye Yesu dada kple nyɔnu wɔnuteƒe bubuwo nɔ dziƒoxɔ me le Yerusalem nɔ gbe ɖom ɖa ɖekae

Ne míele gbe dom ɖa la, nu ka tae mele be míaƒo adegbe alo awɔ nu be míadze ame ŋu o?

Nu ka tae wòsɔ be míado gbe ɖa hafi aɖu nu?

Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ gbe dom ɖa na Yehowa?

Ro 12:12; Ef 6:18; 1Te 5:17; 1Pe 4:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Da 6:​6-10—Togbɔ be wotsɔ ku do ŋɔdzi na nyagblɔɖila Daniel hã, eyi edzi nɔ gbe dom ɖa na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe

    • Lk 18:​1-8—Yesu zã ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ aɖe si lɔ̃ be yeadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na nyɔnu aɖe si vaa egbɔ enuenu ƒe kpɔɖeŋu tsɔ ɖee fia be mía Fofo dzɔdzɔea le klalo be yeawɔ nu si esubɔlawo bianae enuenu la na wo

Ne míele gbe dom ɖa be Mawu natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la, nɔnɔme kae wòle be míaɖe fia?

2Kr 7:​13, 14

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Fi 22:​11-13, 18-20—Esi Fia Yosiya bɔbɔ eɖokui eye wòwɔ nu si dze Yehowa ŋu la, Yehowa kpɔ nublanui nɛ eye wònyo dɔme nɛ

    • 2Kr 33:​10-13—Fia Manase bɔbɔ eɖokui eye wòdo gbe ɖa, esia na Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee eye wògbugbɔ ɖoe fia

Nu kae Yehowa di be míawɔ hafi yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí?

Nu ka tae wòle be míaɖee afia le míaƒe gbedodoɖawo me be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le vevie na mí?

Nu ka tae wòle be míaƒe gbedodoɖawo naɖee afia be míeka ɖe mía Fofo si le dziƒoa dzi?

Nu kawo ŋue míate ŋu ado gbe ɖa le?

Míado gbe ɖa be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋu

Míado gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava ɖu anyigba bliboa dzi

Míado gbe ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu

Míado gbe ɖa abia nu siwo míehiã

Míado gbe ɖa be woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí

Míado gbe ɖa be woakpɔ mía ta be míagadze tetekpɔwo me o

Míado gbe ɖa ada akpe na Mawu

Míado gbe ɖa abia nugɔmesese kple nunya, eye míado gbe ɖa be míadze si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu

Lod 2:​3-6; Flp 1:9; Yak 1:5

Kpɔ Ps 119:34

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 3:​11, 12—Edze Yehowa ŋu be Fia Salomo bia nunya, eye wòna nunya geɖe Salomo

Míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea

Míado gbe ɖa ɖe mía nɔviwo ta, vevietɔ esiwo yome tim wole

Míado gbe ɖa akafu Mawu

Ps 86:12; Yes 25:1; Da 2:23

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 10:21—Yesu do gbe ɖa le dutoƒo tsɔ kafu Fofoa ɖe ale si wòɖe nyateƒea fia ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo abe ɖeviwo ene

    • Nyɖ 4:​9-11—Mawudɔlawo tsɔa bubu kple ŋutikɔkɔe si Yehowa dzena la nanɛ

Míado gbe ɖa be Yehowa nana ŋusẽtɔwo naɖe mɔ míasubɔe le ŋutifafa me eye míaɖe gbeƒã na amewo

Ðe wògblẽ be míado gbe ɖa le míaƒe nyɔnyrɔxɔgbea?

Ðe wòsɔ be míado gbe ɖa ɖe ame si dze dɔ le gbɔgbɔ me ta?

Nu ka tae ŋutsuwo metsyɔa nu ta hafi doa gbe ɖa o, gake nu ka tae nyɔnuwo ya tsyɔa nu ta ɣeaɖewoɣi hafi doa gbe ɖa?

Ne míele gbe dom ɖa la, nu kae nɔa vevie na Mawu wu gbedodoɖaa ƒe didime kple ale si wòwɔ dɔ ɖe ame dzii?

Kon 3:41; Mt 6:7

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Fi 18:​25-29, 36-39—Esi Eliya kple Baal ƒe nyagblɔɖilawo va kpe ta la, Baal ƒe nyagblɔɖilawo do ɣli yɔ woƒe mawua gaƒoƒo geɖe gake metɔ na wo o

    • Dw 19:​32-41—Trɔ̃subɔla siwo nɔ Efeso do ɣli yɔ mawunɔ Artemis ʋuu gaƒoƒo eve gake metɔ na wo o, va se ɖe esime dudzikpɔlaa na wozi ɖoɖoe