Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia

Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia

Nu ka tae Kristotɔ vavãwo katã ƒoa nu tso nu siwo dzi woxɔ se ŋu na amewo?

Nu kae ɖee fia be gbeƒãɖeɖedɔa nɔ vevie na Yesu?

Lk 8:1; Yh 18:37

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 4:​42-44—Yesu gblɔ be wodɔ ye ɖe anyigba dzi be yeaɖe gbeƒã nya nyuia

    • Yh 4:​31-34—Yesu na amewo nya be gbeƒãɖeɖe nya nyuia le abe nuɖuɖu ene na ye

Ŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me koe wode dɔ asi na be woaɖe gbeƒã nya nyuia?

Ps 68:11; 148:​12, 13; Dw 2:​17, 18

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Fi 5:​1-4, 13, 14, 17—Israel-nyɔnuvi sue aɖe ƒo nu tso Yehowa ƒe nyagblɔɖila Elisa ŋu na eƒe aƒenɔ si nye Siriatɔ

    • Mt 21:​15, 16—Esi ɖevi aɖewo nɔ Yesu kafum la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo do dziku ɖe wo ŋu gake Yesu ɖɔ wo ɖo

Aleke hamemetsitsiwo kpena ɖe hamea me tɔwo ŋu le gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa wɔwɔ me?

Aleke Yehowa kple Yesu le kpekpem ɖe mía ŋu be míaɖe gbeƒã na amewo?

2Ko 4:7; Flp 4:13; 2Ti 4:17

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 16:​12, 22-24; 1Te 2:​1, 2—Togbɔ be wowɔ fu apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛwo hã, Mawu kpe ɖe wo ŋu woyi edzi ɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe

    • 2Ko 12:​7-9—Togbɔ be ‘ŋù aɖe nɔ apostolo Paulo ƒe ŋutilã me,’ si ate ŋu anye dɔléle aɖe hã, Yehowa do ŋusẽe wòyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi

Ame kae na Kristotɔwo dze be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa?

1Ko 1:​26-28; 2Ko 3:5; 4:13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yh 7:15—Ewɔ nuku na Yesu ŋɔlimetɔwo be nunya ma gbegbe nɔ Yesu si togbɔ be mede rabiwo ƒe sukuwo o hã

    • Dw 4:13—Yesu ƒe apostolowo yi edzi ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe togbɔ be amewo bu wo be wonye ame tsɛwo eye womenya agbalẽ o hã

Aleke míewɔ nya be Yehowa di be míana hehe amewo be woadze aɖe gbeƒã eye woafia nu amewo?

Mr 1:17; Lk 8:1; Ef 4:​11, 12

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yes 50:​4, 5—Hafi Mesia la nava anyigba dzi la, Yehowa Mawu na hehee

    • Mt 10:​5-7—Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, egbɔ dzi ɖi na hehe eƒe nusrɔ̃lawo be woayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi

Aleke wòle be míabu nya nyui gbeƒãɖeɖedɔ si wode asi na mí lae?

Ne míeɖe gbeƒã nya nyuia la, aleke míesena le mía ɖokui me?

Nya kawoe míeɖea gbeƒãe?

Nu ka tae Kristotɔ vavãwo ʋua go alakpanufiafiawo?

2Ko 10:​4, 5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mr 12:​18-27—Yesu zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖee fia Zadukitɔwo be woda ƒu be womexɔ tsitretsitsia dzi se o

    • Dw 17:​16, 17, 29, 30—Apostolo Paulo kpe ɖe Atenetɔwo ŋu wokpɔe be legbawo subɔsubɔ menyo o

Aleke míewɔa gbeƒãɖeɖedɔae?

Nu ka tae míeɖea gbeƒã le dutoƒo?

Nu ka tae míaƒe subɔsubɔdɔa bia dzigbɔɖi kple veviedodo?

Nu nyui kawoe dona tsoa míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

Nu ka tae wòle be míanɔ klalo aɖe gbeƒã ɣesiaɣi?

1Ko 9:23; 1Ti 2:4; 1Pe 3:15

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yh 4:​6, 7, 13, 14—Togbɔ be ɖeɖi te Yesu ŋu hã, eɖe gbeƒã nya nyuia na Samaria nyɔnu aɖe

    • Flp 1:​12-14—Togbɔ be wolé apostolo Paulo de gaxɔ me ɖe eƒe xɔse ta hã, enɔ klalo ɣesiaɣi be yeaɖe gbeƒã ade dzi ƒo na amewo

Ðe míanɔ mɔ kpɔm be ame sia ame aɖo to nya nyuia?

Yh 10:​25, 26; 15:​18-20; Dw 28:​23-28

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yr 7:​23-26—Yehowa to Yeremiya dzi gblɔ ale si eƒe amewo gbe toɖoɖo eƒe nyagblɔɖilawo enuenu

    • Mt 13:​10-16—Yesu ɖe eme be abe ale si wònɔ le Yesaya ƒe ŋkekea me ene la, ame geɖe ase nya nyuia gake woagbe edzi wɔwɔ

Nu ka ta mewɔa nuku na mí ne ame geɖe mevo ɖe mía ŋu be yewoaɖo to o?

Nu kae ɖee fia be nya nyuia adzɔ dzi na ame aɖewo eye woalɔ̃ be yewoasrɔ̃ nu gake emegbea woadzudzɔ?

Biblia me nudzɔdzɔ kawoe na míekpɔe be ne ame aɖewo tsi tre ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, mele be wòawɔ nuku na mí o?

Ne amewo tsi tre ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, nu kae wòle be míawɔ?

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be ame aɖewo aɖo to mí godoo?

Nu kae Mawu di be ame siwo nya nya nyuia nawɔ?

Nu ka tae wòle be míaɖe gbeƒã na ameƒomevi ɖe sia ɖe, woɖanye ameyibɔ alo yevuwo, dukɔ ka ke mee wotso, alo subɔsubɔha ka ke mee woɖale o

Ðe wòsɔ be míaɖe gbeƒã le ŋkeke ɖe sia ɖe dzi, ne enye Sabat ŋkeke hã?

Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be ele be míaɖe gbeƒã na ame sia ame, ne Biblia le wo si eye wole subɔsubɔha aɖe me gɔ̃ hã?