Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzimetɔtrɔ

Dzimetɔtrɔ

Nu ka tae wòle be amegbetɔwo katã natrɔ dzi me eye woabia Yehowa Mawu ƒe tsɔtsɔke?

Ro 3:23; 5:12; 1Yh 1:8

Kpɔ Dw 26:20

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 18:​9-14—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ele vevie be míaʋu míaƒe nu vɔ̃wo me eye míado gbe ɖa na Mawu be wòatsɔe ake mí

    • Ro 7:​15-25—Apostolo Paulo nye ame si si xɔse sẽŋu nɔ gake eyi edzi ʋli vevie be yeaɖu nu siwo hea ame dea nu vɔ̃ me dzi

Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me?

Eze 33:11; Ro 2:4; 2Pe 3:9

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 15:​1-10—Yesu wɔ kpɔɖeŋuwo tsɔ ɖee fia be enyea dzidzɔ na Yehowa kple mawudɔlawo ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me

    • Lk 19:​1-10—Zaxeo nye adzɔxɔlawo ƒe amegã si tafa amewo gake etrɔ dzi me eye wòdzudzɔ nuwɔna sia; esia wɔe be wotsɔe kee eye wòkpɔ xɔxɔ

Nu kae aɖee fia be míetrɔ dzi me vavã?

Aleke sidzedze vavãtɔ kpena ɖe ame ŋu be wòatrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ?

Ro 12:2; Kol 3:​9, 10; 2Ti 2:25

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 17:​29-31—Apostolo Paulo ɖe eme na Atenetɔwo be esi womenya Mawu vavã la o tae wole legbawo subɔm ɖo

    • 1Ti 1:​12-15—Hafi apostolo Paulo nava srɔ̃ nu tso Yesu Kristo ŋua, ewɔ nu vɔ̃ gã geɖe le manyamanya me

Nu ka tae wòle vevie be ame natrɔ dzi me?

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be ne míewɔ nu vɔ̃ zi geɖe gake trɔ dzi me la, Yehowa atsɔe ake mí?

Ne ame aɖe ʋu eƒe nu vɔ̃ me eye wòdzudzɔ ewɔwɔa, nu kae Yehowa hã awɔ?

Ps 32:5; Lod 28:13; 1Yh 1:9

Kpɔ nyati si nye “Nublanuikpɔkpɔ” hã

Aleke míewɔ nya be dzimetɔtrɔ bia nu geɖe wu gbɔgblɔ ko be, ‘ete ɖe dzinye, tɔnye medzɔ o’?

2Kr 7:14; Lod 28:13; Eze 18:​30, 31; 33:​14-16; Mt 3:8; Dw 3:19; 26:20

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 33:​1-6, 10-16—Togbɔ be fia vɔ̃ɖi Manase wɔ nu vɔ̃ gã geɖe ɣeyiɣi didi aɖe hã, edzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, bɔbɔ eɖokui eye wòdo gbe ɖa zi geɖe si ɖee fia be etrɔ dzi me vavã

    • Ps 32:​1-6; 51:​1-4, 17—Fia David ƒe nu vɔ̃ si wòwɔ ɖe Yehowa ŋu te ɖe edzi vevie, eya ta eʋu eme eye wòdo gbe ɖa; esia ɖee fia be etrɔ dzi me vavã

Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe mía ŋu eye wòtrɔ dzi me la, nu ka tae wòle be míatsɔe akee?