Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Masɔmasɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Masɔmasɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Ne ame aɖe da vo ɖe mía ŋu la, nu ka tae mele be míado dziku alo awɔ wɔɖenui o?

Lod 20:22; 24:29; Ro 12:​17, 18; Yak 1:​19, 20; 1Pe 3:​8, 9

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 25:​9-13, 23-35—Esi Nabal dzu David kple eƒe amewo eye wògbe be yemakpe ɖe wo ŋu o la, David ƒe dzi ho eye wòɖoe be yeawu Nabal kple eƒemetɔwo katã, gake aɖaŋu si Abigail ɖo na David wɔe be mekɔ ʋu ɖi o

    • Lod 24:​17-20—Gbɔgbɔ ʋã Fia Salomo wòxlɔ̃ nu Mawu ƒe amewo be Yehowa medi be woatso aseye ne vɔ̃ dzɔ ɖe woƒe futɔwo dzi o; ke boŋ míaka ɖe edzi be Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖi la godoo

Ne masɔmasɔ aɖe ɖo Kristotɔ kple ame aɖe dome la, ɖe wòle be wòadzudzɔ nuƒoƒo kple amea alo alée ɖe dɔmea?

3Mo 19:​17, 18; 1Ko 13:​4, 5; Ef 4:26

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 5:​23, 24—Yesu gblɔ be ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe awɔ ŋutifafa kple mía nɔvi si si nya aɖe le ɖe mía ŋu

Ne ame aɖe wɔ nu wòve mí la, nu kae wòle be lɔlɔ̃ naʋã mí míawɔ?

Ne ame aɖe da vo ɖe mía ŋu zi gbɔ zi geɖe hã, nu ka tae wòle be míatsɔe akee ne etrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ?

Ne nu si nɔvi aɖe wɔ ɖe ŋuwò nye ŋkubiãnya, ɖewohĩ egblẽ ŋuwò alo tafa wò la, ame kae aƒo nu kplii eye nu ka tae?

Mt 18:15

Kpɔ Yak 5:20

Ne èyi nɔvi si gblẽ ŋuwò alo tafa wò gbɔ eye melɔ̃ ɖe edzi trɔ dzi me o la, nu kae wòle be nàwɔ?