Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃

Nusɔsrɔ̃

Nu ka tae wòle be Kristotɔ nanɔ Mawu ƒe nya la srɔ̃m edziedzi?

Ps 1:​1-3; Lod 18:15; 1Ti 4:6; 2Ti 2:15

Kpɔ Dw 17:11

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Ps 119:​97-101—Hakpalaa gblɔ be yelɔ̃ Mawu ƒe sea eye wo dzi wɔwɔ ɖea vi na ye

    • Da 9:​1-3, etenuŋɔŋlɔ—Esi nyagblɔɖila Daniel srɔ̃a agbalẽ kɔkɔeawo ta la, ede dzesii be madidi o ƒe 70 si Israel-viwo atsɔ anɔ aboyo me la awu enu

Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ nu srɔ̃m?

Heb 6:​1-3; 2Pe 3:18

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lod 4:18—Abe ale si agudzedze ƒe kekeli nɔa kɔkɔm ɖe edzi vivivi ene la, nenemae Yehowa yia edzi kpena ɖe ame siwo lɔ̃nɛ la ŋu wosea eƒe nyateƒenyawo gɔme vivivi

    • Mt 24:​45-47—Yesu do ŋugbe be yeaɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la be wòana mawusubɔlawo nu siwo woahiã ale be woanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli le ŋkeke mamlɛawo me

Nu ka tae Biblia me nunya nyo wu esiwo míekpɔna le agbalẽ siwo amegbetɔwo ŋlɔna la me?

Ŋugbe kae Yehowa do na ame siwo srɔ̃a Biblia tso dzi blibo me?

Nu kae wòle be míado gbe ɖa abia Yehowa be míaƒe ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ naɖe vi na mí?

Nu ka tae wòle be míana gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo katã “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana mí la nanɔ vevie na mí?

Nu ka tae wole be míadze agbagba ase Biblia me nyateƒea ƒe akpa sia akpa gɔme nyuie?

Nu ka tae wòle vevie be míana nunya kple gɔmesese nasu mía si?

Nu ka tae wòle be míagbɔ dzi ɖi axlẽ Biblia kple gbe blewu eye míade ŋugble le nu si míexlẽ la ŋu?

Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe nyateƒe si srɔ̃m míele le Biblia me dzi?

Nu ka tae wòle be míabu nuwo ŋu nyuie ne míele Biblia me nyateƒe si míesrɔ̃ la fiam amewo?

Ne míele Biblia me nyateƒe veviawo srɔ̃m edziedzi la, aleke wòakpe ɖe mía ŋu?

2Pe 1:13; 3:​1, 2

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 5Mo 6:​6, 7; 11:​18-20—Yehowa de se na eƒe amewo be woaku yeƒe nya la ɖe to me na wo viwo, si fia be woanɔ Sea fiam ɖeviawo edziedzi

Ne ƒomewo dzro Mawu ƒe Nyaa me ɖekae la, aleke wòaɖe vi na woe?

Ef 6:4

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 18:​17-19—Yehowa di be Abraham nafia nu eƒemetɔwo be woayi edzi awɔ nu dzɔdzɔe

    • Ps 78:​5-7—Le blema Israel la, ele be dzidzime ɖe sia ɖe nafia nu dzidzime si kplɔe ɖo ale be woayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu

Ne míewɔ ɖeka kple hamea srɔ̃ nu la, aleke wòɖea vi na mí?

Heb 10:25

Kpɔ Lod 18:1