Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunya

Nunya

Hafi nunya vavãtɔ nasu mía si la, nɔnɔme vevi kae míehiã?

Afi kae míakpɔ nunya vavãtɔ le?

Ðe míate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòana nunya nasu mía sia?

Kol 1:9; Yak 1:5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Kr 1:​8-12—Ðekakpui Fia Salomo do gbe ɖa bia Yehowa be wòana nunya ye yeatsɔ akplɔ Israel dukɔa nyuie, eye Yehowa nɛ hã

    • Lod 2:​1-5—Wotsɔ nunya kple nugɔmesese sɔ kple kesinɔnu ɣaɣla siwo wòle be míadi eye Yehowa akpe ɖe mía ŋu míake ɖe wo ŋu

Aleke Yehowa naa nunya míi?

Yes 11:2; 1Ko 1:​24, 30; 2:13; Ef 1:17; Kol 2:​2, 3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lod 8:​1-3, 22-31—Woɖɔ nunya abe amee wònye ene, eye ale si woɖɔe la sɔ kple Yesu, ame si nye nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ

    • Mt 13:​51-54—Ewɔ nuku na Yesu ƒe nyaselawo dometɔ geɖe be nunya ma gbegbe le esi elabe wonyae be yewo dome koe wònɔ tsi

Nu kawoe ɖenɛ fiana be Mawu ƒe nunya su ame aɖe si?

Aleke nunya fiaa mɔ mí eye wòkpɔa mía ta le agbe me?

Nu ka tae wòle be míade asixɔxɔ nunya si tso Mawu gbɔ ŋu?

Lod 3:​13, 14; 8:11

Kpɔ Hio 28:18

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Hio 28:​12, 15-19—Togbɔ be Hiob nɔ veve sem eye wònɔ nu xam vevie hã, ede asixɔxɔ Mawu ƒe nunya ŋu

    • Ps 19:​7-9—Fia David gblɔ be Yehowa ƒe sewo kple ŋkuɖodzinyawo ate ŋu ana bometsila gɔ̃ hã nadze nunya

Ne míeɖoa to ame siwo gbe Mawu ƒe nunya la, aleke wòate ŋu agblẽ nu le mía ŋu?