Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔwɔ

Dɔwɔwɔ

Aleke dɔwɔwɔ ate ŋu ana ame nakpɔ dzidzɔ?

Vi kae wòaɖe ne míesrɔ̃ dɔ eye míebi ɖe ewɔwɔ me?

Lod 22:29

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Sa 16:​16-23—Wonya ɖekakpui David be ebi ɖe haƒoƒo me, eye eƒe haƒoƒo nana Israel fia ƒe dzi dzea eme

    • 2Kr 2:​13, 14—Esi Hiram-Abi nye aɖaŋudɔwɔla bibi ta la, Fia Salomo zãe le xɔtudɔ gã aɖe me

Nu ka tae wòle be woanya Yehowa subɔlawo be wonye dɔ nyui kple dɔ sesẽ wɔlawo?

Ef 4:28; Kol 3:23

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 24:​10-21—Rebeka nye dɔ sesẽ wɔla si dina be yeakpe ɖe ame ŋu; ewɔ dɔ si Abraham ƒe subɔvia mebia tso esi o gɔ̃ hã

    • Flp 2:​19-23—Apostolo Paulo de dɔ geɖe asi na Timoteo be wòawɔ elabe Timoteo bɔbɔa eɖokui eye wòlɔ̃na faa be yeawɔ dɔ sesẽ

Nu ka tae mele be mawusubɔlawo nawɔ kuvia o?

Lod 13:4; 18:9; 21:​25, 26; Nyg 10:18

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lod 6:​6-11—Fia Salomo zã anyidiwo tsɔ fia nu mí be míatsri kuviawɔwɔ anye dɔ sesẽ wɔlawo

Nu ka tae wòle be míado vevie nu awɔ dɔ ale be míate ŋu akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ?

Nu ka tae wòle be míawɔ dɔ sesẽ ale be míate ŋu akpɔ míaƒe ƒomea dzi?

1Ti 5:8

Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nazã nu siwo wokpɔ tso woƒe dɔ sesẽ wɔwɔ me atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu?

Nu ka tae wòle be susu si da sɔ nanɔ mía si le ga si míekpɔna le míaƒe dɔwɔɖui me ŋu?

Aleke míewɔ nya be Yehowa di be míalé fɔ ɖe dɔ ŋu ale be yeakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ?

Mt 6:​25, 30-32; Lk 11:​2, 3; 2Ko 9:10

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 1Mo 31:​3-13—Yakob wɔ dɔ sesẽ na toa Laban, gake Laban tafae; Yehowa de dzesi dɔ sesẽ siwo Yakob wɔ eye wòyrae

    • 1Mo 39:​1-6, 20-23—Yosef do vevie dɔ esi wònye kluvi le Potifar ƒe me kple esi wònɔ gaxɔ me siaa; Yehowa yrae ɖe esia ta

Nu ka tae mele be míaƒe dɔwɔɖuia nava nɔ vevie na mí wu mawusubɔsubɔ o?

Ps 39:​5-7; Mt 6:33; Yh 6:27

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Lk 12:​15-21—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ fia nu mí be enye bometsitsi be ame navu ɖe dɔwɔɖui ŋu wu be wòawɔ ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ

    • 1Ti 6:​17-19—Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nye kesinɔtɔwo be woagado wo ɖokui ɖe dzi o ke boŋ woanye “kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me”

Biblia me mɔfiame kawoe akpe ɖe mía ŋu ne míele dɔ si míawɔ tiam?

Dɔwɔwɔ Na Yehowa

Dɔ kae nye vevitɔ si Kristotɔ ate ŋu awɔ?

Nu ka tae míedina be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe le Yehowa subɔsubɔ me?

Nu ka tae mele be míatsɔ Yehowa subɔla aɖe ƒe dɔ anɔ sɔsɔm kple nɔvi bubu tɔ o?

Ga 6:​3-5

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 25:​14, 15—Yesu ƒe lododoa fia be mele mɔ kpɔm be ye yomedzelawo katã nawɔ dɔ sɔsɔe o

    • Lk 21:​2-4—Yesu de asixɔxɔ gã aɖe ahosi dahea ƒe ga sue si wòdzɔ ŋu

Ame kae doa ŋusẽ mí míete ŋu wɔa dɔ siwo wode asi na mí le Yehowa subɔsubɔ me?

2Ko 4:7; Ef 3:​20, 21; Flp 4:13

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • 2Ti 4:17—Apostolo Paulo gblɔ be Aƒetɔ la doa ŋusẽ ye ne yegbɔdzɔ

Nu ka tae dzi dzɔa mí ne míedo vevie nu wɔ dɔ na Yehowa?