Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tadedeagu; Subɔsubɔ

Tadedeagu; Subɔsubɔ

Ame ka koe dze be míade ta agu na?

2Mo 34:14; 5Mo 5:​8-10; Yes 42:8

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Mt 4:​8-10—Satana gblɔ be yeatsɔ xexea me fiaɖuƒewo katã ana Yesu ne ede ta agu na ye; Yesu gbe be yemawɔ esia o, eye wòɖoe kplikpaa be Yehowa ɖeɖe koe yeasubɔ

    • Nyɖ 19:​9, 10—Mawudɔla aɖe gbe be apostolo Yohanes nagade ta agu na ye o

Aleke Yehowa di be míasubɔ ye?

Yh 4:24; Yak 1:​26, 27

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Yes 1:​10-17—Yehowa lé fu alakpanuwɔla siwo gblɔna be yewole Mawu subɔm gake womenɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu o

    • Mt 15:​1-11—Yesu gblɔ be medzea Yehowa ŋu ne míetu míaƒe subɔsubɔ ɖe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi o, ke boŋ míatui ɖe Mawu ƒe sewo dzi

Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, nu ka tae wòle be míaƒo ƒu kple Yehowa ƒe amewo asubɔe?

Heb 10:​24, 25

Kpɔ Ps 133:​1-3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Dw 2:​40-42—Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔwo ƒoa ƒu ɖekae doa gbe ɖa, dea ha, eye wosrɔ̃a Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo

    • 1Ko 14:​26-40—Apostolo Paulo gblɔ be ne hamea va kpe ta la, ele be nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nu eye kpekpea nade dzi ƒo ale be ame sia ame nate ŋu ase nu siwo wofia la gɔme nyuie

Nu kawoe míawɔ be míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu?

Mt 7:​21-24; 1Yh 2:17; 5:3

  • Biblia me kpɔɖeŋu:

    • Heb 11:6—Apostolo Paulo gblɔ be ele vevie be xɔse nanɔ mía si hafi míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu

    • Yak 2:​14-17, 24-26—Yesu nɔvi Yakobo ɖe eme be ele be míatsɔ dɔwɔwɔ akpe ɖe míaƒe xɔse ŋu; xɔse naʋã mí míawɔ dɔ nyuiwo