Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi


Ale si nàna Biblia nusɔsrɔ̃ siawo naɖe vi na wò geɖe wu

Ale si nàna Biblia nusɔsrɔ̃ siawo naɖe vi na wò geɖe wu

Na ame aɖe nakpe ɖe ŋuwò: Gblɔ na ame si tsɔ agbalẽ gbadza sia na wò la be wòava nɔ Biblia me dzrom kpli wò, alo nàyi míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org eye nàbia be woava dzro Biblia me kpli ye.

AKPA GBÃTƆ

Xlẽ memama ɖe sia ɖe kple wo ŋuti nyabiaseawo (A) kpakple mawunyakpukpui (B) siwo te gbe ɖe nya veviawo dzi. De dzesii be woŋlɔ ɖe mawunyakpukpui aɖewo gbɔ be “xlẽ” alo “mixlẽ.”

AKPA EVELIA

Ŋgɔdonya (D) si dze le Srɔ̃ Nu Bubuwo te la ku ɖe nu siwo me dzro ge miala ŋu. Tanya sueawo (Ð) ku ɖe nya vevi siwo me miadzro la ŋu. Miaxlẽ mawunyakpukpuiawo, aɖo biabiawo ŋu, ahakpɔ videoawo (E).

Milé ŋku ɖe nɔnɔmetataawo kple nya siwo woŋlɔ ɖe wo gbɔ la ŋu nyuie (Ɛ), eye miade ŋugble le ale si miaɖo akpa si nye Ame Aɖewo Gblɔna Be ƒe biabiawo ŋu la ŋu (F).

AKPA MAMLƐTƆ

Akpa siwo nye Nu Siwo Míesrɔ̃ kple Numetoto (Ƒ) ye miazã atsɔ adzro nu siwo miesrɔ̃ la me. Ŋlɔ ɣletiŋkeke si dzi miewu nusɔsrɔ̃a nu. Akpa si nye Anyo Be Nàwɔ Esia (G) afia wò nu si nàwɔ be nàsrɔ̃ nu geɖe wu alo ale si nàwɔ nu si nèsrɔ̃ la dzi. Le akpa si nye Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu (Ɣ) la, àkpɔ nyati bubu siwo nàdi be yeaxlẽ alo video siwo nàdi be yeakpɔ.

Ale si nàwɔ ake ɖe mawunyakpukpuiwo ŋu le Biblia me

Le mawunyakpukpui ɖe sia ɖe gome la, woŋlɔa Biblia gbalẽa ƒe ŋkɔ (A) kple agbalẽa ƒe ta (B), eyome kpukpuia alo kpukpuiawo (D) kplɔnɛ ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ne èkpɔ Yohanes 17:3 la, efia Yohanes ƒe agbalẽa, ta 17, kpukpui 3.