Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 153

Na Dzi Naɖo Ƒonye

Na Dzi Naɖo Ƒonye

(2 Fiawo 6:16)

  1. 1. Ŋɔdzi sɔŋ ɖe to ɖem;

    Vɔvɔ̃ vu tsyɔ dzinye.

    Nyemenya nu si adzɔ o.

    Ke hã, magblẽm ɖi o.

    Agbea manɔ bɔbɔe’o;

    Gake menya nyuie be:

    Nuteƒewɔla ye nènye;

    Àna manɔ dedie.

    (HAXE)

    Yehowa, na xɔseŋkuwom

    Makpɔe ɣesiaɣi be

    Ame si’o le mía dzi sɔ gbɔ wu.

    Na dzi naɖo ƒonye.

    Mehiã dzinɔameƒo

    Be manɔ te sesĩe.

    Yehowa, do ŋusẽm dzro;

    Aʋaa dziɖuɖu ɖo.

  2. 2. Kewɔ dzro ko menye;

    Ŋusẽ mele ŋunye’o.

    Gake wòe nye nye agakpe;

    Ŋuwò meɖo ŋu ɖo.

    Na dzi nanɔ ƒonye,

    Be mado dzi sesĩe.

    Naneke makpe dzinye ɖaa’o,

    Gaxɔ loo ku gɔ̃ hã.

    (HAXE)

    Yehowa, na xɔseŋkuwom

    Makpɔe ɣesiaɣi be

    Ame si’o le mía dzi sɔ gbɔ wu.

    Na dzi naɖo ƒonye.

    Mehiã dzinɔameƒo

    Be manɔ te sesĩe.

    Yehowa, do ŋusẽm dzro;

    Aʋaa dziɖuɖu ɖo.

    (HAXE)

    Yehowa, na xɔseŋkuwom

    Makpɔe ɣesiaɣi be

    Ame si’o le mía dzi sɔ gbɔ wu.

    Na dzi naɖo ƒonye.

    Mehiã dzinɔameƒo

    Be manɔ te sesĩe.

    Yehowa, do ŋusẽm dzro;

    Aʋaa dziɖuɖu ɖo.

    Yehowa, do ŋusẽm dzro;

    Aʋaa dziɖuɖu ɖo.