HADZIDZI 155
Wòe Nye Míaƒe Dzidzɔ
1. Yehowa, èwɔ dziƒowo
Kple ɣletiviwo;
Èwɔ anyigba kpl’atsiaƒu
Kple nu gbagbewo.
Lɔlɔ̃ me nèwɔ wo katã.
Ɛ̃, wò nuwɔwɔwo katã
Doa dzidzɔ na wò.
(HAXE)
Wò asinudɔ dzeaniwo
Kple wò nya fakɔnamewo
Nana míekpɔa dzidzɔ ɖaa.
Wò Paradiso mɔkpɔkpɔa
Kple wò lɔlɔ̃ ɖedzesi la
Nye kesinɔnu vavã.
Wòe nye míaƒe dzidzɔ.
2. Yehowa, míeda ’kpe na wò
Ðe wò lɔlɔ̃ ta.
Èna nu sia nu si míehiã
Be míakpɔ dzidzɔ.
Èwɔ mí kple ŋutete be
Míase vivi le agbe me,
Akpɔ dzidzɔ ɖaa.
(HAXE)
Wò asinudɔ dzeaniwo
Kple wò nya fakɔnamewo
Nana míekpɔa dzidzɔ ɖaa.
Wò Paradiso mɔkpɔkpɔa
Kple wò lɔlɔ̃ ɖedzesi la
Nye kesinɔnu vavã.
Wòe nye míaƒe dzidzɔ.
(DOMETSOHA)
Míeda ’kpe be nètsɔ
Viwò la na ɖe mía ta.
Eƒe vɔsa ʋu mɔ ɖi be
Míakpɔ dzidzɔ yi mavɔ me.
(HAXE)
Wò asinudɔ dzeaniwo
Kple wò nya fakɔnamewo
Nana míekpɔa dzidzɔ ɖaa.
Wò Paradiso mɔkpɔkpɔa
Kple wò lɔlɔ̃ ɖedzesi la
Nye kesinɔnu vavã.
Wòe nye míaƒe dzidzɔ.
(HAXE)
Wò asinudɔ dzeaniwo
Kple wò nya fakɔnamewo
Nana míekpɔa dzidzɔ ɖaa.
Wò Paradiso mɔkpɔkpɔa
Kple wò lɔlɔ̃ ɖedzesi la
Nye kesinɔnu vavã.
Wòe nye míaƒe dzidzɔ.
(Kpɔ Ps. 37:4; 1 Kor. 15:28 hã.)