Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DZEÐOÐO GƆMEDZEDZE

NUSƆSRƆ̃ 1

Ƒo Nu Tso Nu Si Amea Di Ŋu

Ƒo Nu Tso Nu Si Amea Di Ŋu

Nya si Biblia gblɔ: “Lɔlɔ̃ . . . media eya ŋutɔ tɔ o.”—1 Kor. 13:​4, 5.

Ale Si Yesu Wɔe

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Yohanes 4:​6-9. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1.    Nu kawo ŋue Yesu lé ŋku ɖo le nyɔnua ŋu hafi dze dzeɖoɖo gɔme kplii?

  2.   Yesu gblɔ nɛ be: “Na tsi vi aɖem mano.” Nu ka tae wònyo ŋutɔ be Yesu dze dzeɖoɖoa gɔme alea?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?

2. Míaɖo dze kple amewo nyuie wu ne míeƒo nu tso nu siwo wodi ŋu.

Srɔ̃ Yesu

3. Ðo dze tso nu siwo adzɔ dzi na amewo ŋu. Mègagblɔ be nyati si yelé ɖe susu mea ŋu koe yeaƒo nu tsoe o. Ne èdi be yeadze dzeɖoɖo gɔmea, kpɔe ɖa be nu kawo ŋu bum amewo le egbea. Bia ɖokuiwò be:

  1.    ‘Nu kawo ŋue wole nu ƒom tsoe le radio kple TV dzi?’

  2.   ‘Nu kawo ŋue amewo le nu ƒom tsoe le suku, dɔ me alo aƒe me?’

4. Lé ŋku ɖe nu ŋu. Bia ɖokuiwò be:

  1.   a. ‘Nu ka wɔm amea nɔ hafi meyi? Nu ka ŋue wòanya nɔ bubum?’

  2.  b. ‘Ðe amea ƒe aƒe me, eƒe awudodo alo ale si wòdzra ɖoea na mekpɔ afi si wòtso alo subɔsubɔ si me wòlea?’

  3.  d. ‘Ðe amea vo míaɖo dzea?’

5. Ðo to amea.

  1.    Mègaƒo nu fũu o.

  2.   Na amea nanya be ate ŋu aƒo nu tso nu sia nu ŋu faa. Bia nyawoe ne ehiã.