Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DZEÐOÐO GƆMEDZEDZE

NUSƆSRƆ̃ 4

Bɔbɔ Ðokuiwò

Bɔbɔ Ðokuiwò

Nya si Biblia gblɔ: “Mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi.”—Flp. 2:3.

Ale Si Paulo Wɔe

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Dɔwɔwɔwo 26:​2, 3. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1.    Aleke Paulo bɔbɔ eɖokui esi wònɔ nu ƒom na Fia Agripa?

  2.   Aleke Paulo he susu yi Yehowa kple Ŋɔŋlɔawo dzi, ke menye eɖokui dzi o?—Kpɔ Dɔwɔwɔwo 26:22.

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Paulo Gbɔ?

2. Ne míebɔbɔ mía ɖokui eye míede bubu amewo ŋua, anɔ bɔbɔe na wo be woaɖo to mí.

Srɔ̃ Paulo

3. De bubu amewo ŋu. Mègaƒo nu wòadze abe wò koe nya nu sia nu eye amea ya menya naneke o ene o. Ƒo nu na amea le bubumɔ nu.

4. Na amewo nakpɔe be nu si fiam nèle yewoa tso Biblia me. Nya siwo le Biblia mea wɔa dɔ ɖe ame dzi. Eya ta ne èzãe tsɔ fia nu amewoa, àkpe ɖe wo ŋu woaxɔ nyateƒenyawo dzi ase.

5. Mègaʋli nya kple amewo o. Ne èle ɖase ɖim na amewoa, mègate tɔ ɖe edzi be nu si gblɔm yele koe nye dedietɔ o. Mímedi be míaʋli nya kple amewo o. Eya ta ne èkpɔe be dzeɖoɖoa di be yeazu nyaʋiʋlia, dzo kpoo. Esia aɖee afia be èbɔbɔ ɖokuiwò. (Lod. 17:14; Tito 3:2) Ne mèʋli nya kple amea oa, esia ate ŋu ana be ɣebubuɣia, wòalɔ̃ be nàɖo dze kpli ye.

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ