Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DZEÐOÐO GƆMEDZEDZE

NUSƆSRƆ̃ 5

Nya Ale Si Nàƒo Nui

Nya Ale Si Nàƒo Nui

Nya si Biblia gblɔ: “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi.”—Kol. 4:6.

Ale Si Paulo Wɔe

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:​22, 23. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1.    Aleke Paulo se le eɖokui me esi wòkpɔ Atenetɔwo nɔ legbawo subɔm?—Kpɔ Dɔwɔwɔwo 17:16.

  2.   Aleke Paulo de bubu Atenetɔwo ŋu esi wòdi be yeaɖe gbeƒã nya nyuia na wo?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Paulo Gbɔ?

2. Ne míeƒoa nu na amewo nyuie eye míedea bubu wo ŋua, anɔ bɔbɔe na wo be woaɖo to mí.

Srɔ̃ Paulo

3. Na nyaa sese nadzro amea. Le kpɔɖeŋu me, ne èle dze ɖom kple ame aɖe si menye Kristotɔ oa, kpɔe ɖa be aleke yeawɔ aƒo nu tso Biblia alo Yesu ŋu nɛ hã.

4. Mègahe nya kple amea o. Ðe mɔ nɛ wòaƒo nu faa. Ne egblɔ nya aɖe si mesɔ kple Biblia ƒe nufiafia oa, mègahee kplii o. (Yak. 1:19) Ne èɖe mɔ nɛ wòƒo nua, àva nya nu siwo dzi wòxɔ se kple nu si tae wòxɔ wo dzi se.—Lod. 20:5.

5. Lɔ̃ ɖe amea ƒe nya siwo wɔ ɖeka kple Biblia tɔ dzi, eye nàkafui ɖe eta. Ate ŋu anɔ eme be amea ka ɖe edzi bliboe be nu siwo dzi yexɔ see nye nyuitɔ. Kpɔe ɖa be nu mawo dometɔ ka dzie wò hã nèxɔ se, eye nàdze dzeɖoɖoa gɔme tso afi ma, eye nàkpe ɖe eŋu vivivi be wòava se nu si Biblia fia gɔme.

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ