Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DZEÐOÐOA DZI YIYI

NUSƆSRƆ̃ 9

Se Veve Ðe Ame Nu

Se Veve Ðe Ame Nu

Nya si Biblia gblɔ: “Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam.”—Rom. 12:15.

Ale Si Yesu Wɔe

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Marko 6:​30-34. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1.    Nu ka tae Yesu kple eƒe apostoloawo di be yewoayi “teƒe aɖe si ame aɖeke mele o”?

  2.   Nu kae na Yesu fia nu amehaa?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?

2. Ne míesea veve ɖe amewo nua, menye gbeƒã koe míaɖe na wo o; míakpe ɖe wo ŋu hã.

Srɔ̃ Yesu

3. Ðo to amea nyuie. Ðe mɔ nɛ wòagblɔ eƒe susu faa. Ne ele eƒe seselelãmewo, kuxiwo alo nu siwo me wò kplii ƒe susu mewɔ ɖeka le o gblɔma, mègaxɔ nya le enu alo awɔ abe eƒe nyawo mele vevie ene o. Ne èɖo to nyuiea, amea akpɔe be yeƒe susuwo le vevie na wò.

4. Amea ƒe nu nenɔ susu me na wò. De ŋugble le dze siwo mieɖo ŋu eye nàbia ɖokuiwò be:

  1.    ‘Nu ka tae wòhiã be wòase nya nyuia?’

  2.   ‘Aleke Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖe vi nɛ fifia kple le etsɔme?’

5. Di nyati alo video siwo aɖe vi nɛ eye nàdzro wo me kplii. Na wòakpɔ ale si Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖo eƒe biabiawo ŋu kple ale si wòakpe ɖe eŋu le mɔ vovovowo nu, eye mègana eteƒe nadidi hafi nàwɔ esia o.

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ