Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSRƆ̃LAWO WƆWƆ

NUSƆSRƆ̃ 12

Dzi Nenɔ Ƒowò Nàɖo Aɖaŋu

Dzi Nenɔ Ƒowò Nàɖo Aɖaŋu

Nya si Biblia gblɔ: “Ale si ami kple lifi doa dzidzɔ na dzii la, nenemae aɖaŋuɖoɖo si tso dzi me nana wozua xɔlɔ̃ veviwoe.”—Lod. 27:9.

Ale Si Yesu Wɔe

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Marko 10:​17-22. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1.    Anye nɔnɔme nyui kawoe Yesu de dzesi le ɖekakpuia ŋu?

  2.   Aleke lɔlɔ̃ kple dzinɔameƒo kpe ɖe Yesu ŋu wòɖo aɖaŋu na ɖekakpuia?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?

2. Ne míele kpekpem ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔa, ele be míagblɔ nu ŋutɔŋutɔ si wòle be woawɔa na wo, gake míawɔe le lɔlɔ̃ me.

Srɔ̃ Yesu

3. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòaɖo taɖodzinuwo eye wòaɖo wo gbɔ.

  1.   a. Zã “Anyo Be Nàwɔ Esia” si le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe me.

  2.  b. Ne nusrɔ̃via ɖo taɖodzinuwoa, kpe ɖe eŋu wòakpɔ nu siwo wòle be wòawɔ be wòate ŋu aɖo esiwo mexɔa ɣeyiɣi o kple esiwo xɔa ɣeyiɣia gbɔ.

  3.  d. Nɔ nusrɔ̃via kafum edziedzi ɖe agbagba siwo dzem wòlea ta.

4. Dze agbagba nànya nu siwo na nusrɔ̃via mele ŋgɔ yim o eye nàkpe ɖe eŋu wòaƒo asa na wo.

  1.    Bia ɖokuiwò be:

    • ‘Nu kae na wòle sesẽm na nye nusrɔ̃via be wòayi ŋgɔ axɔ nyɔnyrɔ?’

    • ‘Nu kae mawɔ atsɔ akpe ɖe eŋu?’

  2.   Do gbe ɖa na Yehowa be wòana dzi nanɔ ƒowò nàgblɔ nu siwo tututu wòhiã be wò nusrɔ̃via nawɔa nɛ, gake wɔe le lɔlɔ̃ me.

5. Dzudzɔ nusɔsrɔ̃a ne nusrɔ̃via mele ŋgɔyiyi aɖeke wɔm o.

  1.    Be nànya ne nusrɔ̃via le ŋgɔ yima, bia ɖokuiwò be:

    • ‘Ðe nye nusrɔ̃via le nu siwo srɔ̃m wòlea dzi wɔma?’

    • ‘Ðe wòdea kpekpeawoa, eye ɖe wògblɔa nu siwo srɔ̃m wòlea na amewoa?’

    • ‘Ne ɣeyiɣi didi aɖee nye ema wòle nua srɔ̃ma, ɖe wòdi be yeava zu Yehowa Ðasefoa?’

  2.   Ne nusrɔ̃vi aɖe mele ŋgɔyiyi aɖeke wɔm oa:

    • Bia tso esi be wòade ŋugble akpɔe ɖa be nu ka tututue le mɔ xem na ye hã.

    • Ðe nu si tae wòahiã be nàdzudzɔ nua sɔsrɔ̃ kplii me nɛ le lɔlɔ̃ me.

    • Na wòanya nu siwo wòle be wòawɔ ne edi be yeagayi nusɔsrɔ̃a dzi.